Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 20:19 - Agbenya La

19 Èle du tsitsi aɖe si me nɔlawo lɔ̃a ŋutifafa eye wowɔa nuteƒe na Israel la gbãm. Ɖe nàgblẽ nu si nye Yehowa tɔa?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Nyee nye ame fafa kple anukwaretɔwo dometɔ ɖeka le Israel; èbe, yeatsrɔ̃ du kple dada le Israel; nukaŋuti nèbe, yeagblẽ Yehowa ƒe domenyinu?

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 20:19
29 Mawu Ofanana  

Tete Abraham te ɖe eŋu hebiae be, “Ɖe nàtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋua?


Ɖewohĩ fia la alɔ̃ be yeaɖe eƒe subɔla tso ame si le didim be yeana be nye kple vinye míaxɔ domenyinu si Mawu na mí o la si me.’


Egblɔ na wo be, “Afɔ netsɔ! Midi David enumake eye miagblɔ nɛ be, meganɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe le zã sia me o ke boŋ ele be wòatso tɔsisi la enumake ayi gbedzi le tɔsisi la godo. Ne mewɔ alea o la, eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ la katã atsrɔ̃.”


Nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Wonɔ nya aɖe gblɔm tsã be, ‘Ne èdi be yeawu nyahehe aɖe nu la, ekema bia aɖaŋu le Abel,’ elabena míeɖoa aɖaŋu nyui na ame ɣe sia ɣi.


Yoab ɖo eŋu be, “Mele eme nenema kura o,


David bia wo be, “Nu ka mate ŋu awɔ na mi be nu vɔ̃ sia naɖe ɖa le mia dzi eye wòana miabia Mawu be wòayra mi?”


elabena ètia wo le anyigbadzidukɔwo katã dome be woanye wò domenyinu, abe ale si nègblɔ to wò dɔla Mose dzi ene esi nèkplɔ mía fofowo tso Egipte, Oo Aƒetɔ Yehowa.”


be nye hã makpɔ gome le wò ame tiatiawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ me, be makpɔ dzidzɔ kple wò dukɔ la, eye mawɔ ɖeka kple wò domenyinu la, akafu wò.


eye woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu la, anye ne womi mí agbagbee,


Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa, ame siwo wòtia be woanyi yeƒe dome.


tso alẽkplɔdɔ me, eye wòkplɔe vɛ be wòakplɔ eƒe dukɔ, Yakob kple eƒe domenyinu, Israel.


“Babilonia fia, Nebukadnezar vuvu mí, de tɔtɔ mía dome eye wòwɔ mí míele abe tsizɔ ƒuƒluwo ene. Emi mí abe ʋɔ ene, eye wòtsɔ míaƒe nu viviwo ɖi ƒoe na eɖokui, emegbe etu mí ƒu gbe.


Mahe to na Bel le Babilonia eye mana wòaɖe nu si wòmi. Dukɔwo magaƒo zi ayi egbɔ o eye Babilonia ƒe gliwo amu adze anyi.


Wò futɔwo katã ke woƒe nuwo baa ɖe ŋuwò, woɖua fewu eye woɖua aɖukli ɖe ŋuwò be, “Míemi eya amea agbagbe. Esiae nye ŋkeke si míele mɔ kpɔm na, enyo be míele agbe kpɔ eteƒe.”


Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe nɔƒewo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Eye le eƒe dziku me wògbã Yuda vinyɔnu ƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi. Egbã eƒe fiaɖuƒe kple eƒe dumegãwo ƒu anyi le vlododo me.


Aƒetɔ la zu futɔ eye wòtsrɔ̃ Israel. Etsrɔ̃ eƒe fiasãwo katã eye wògbã eƒe mɔ sesẽwo ƒu anyi. Edzi Yuda vinyɔnu ƒe nuxaxa kple konyifafa ɖe edzi.


eye anyigba la mi wo kple woƒe aƒemenuwo katã, eye nenema kee nye Korah yomedzelawo katã kple woƒe nunɔamesiwo katã hã.


Eya ta anyigba ke nu mi wo, eye dzo tso Yehowa gbɔ wu ame alafa eve blaatɔ̃ (250) wòzu ŋkuɖodzinu.


Ne eva dzɔ alea la, ekema Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me nyawo ava eme be, “Womi ku le dziɖuɖu me.”


Zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me ko la, zi nenema ke míekpea fu siwo hea hũɖeɖe kple vevesese vaa mía dzi. Menye ɖe míebe míadzo kaba le anyigbadziŋutilã sia me o, ke boŋ míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be Aƒetɔ la natsɔ dziƒotɔ si nye agbe la atsyɔ na mí, be wòaɖu esi me míele fifia si gblẽna la dzi.


“Ne èho aʋa ɖe du aɖe ŋu la, bia tso dua me tɔwo si gbã be woana ta.


Ke mena mawudɔla aɖeke Israel o, elabena Israel nye Yehowa ŋutɔ tɔ!


ɖe fiawo kple dziɖulawo katã ta be míanɔ anyi le ŋutifafa kple agbe ƒe dziɖeɖi me le mawuvɔvɔ̃ kple kɔkɔenyenye siaa me.


Israelviwo ƒe duwo zu aƒedo. Va se ɖe esime nye Debora mezu Israel dada.


Tete Samuel tsɔ amigoe eye wòkɔ amia ɖe Saul ƒe tame, hegbugbɔ nu nɛ eye wògblɔ be, “Ɖe Yehowa mesi ami na wò be nàɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa?


Azɔ la, nye aƒetɔ, fia la nase eƒe subɔla ƒe nyawo. Nenye Yehowae na nètso ɖe ŋunye la, ekema mexɔ nye vɔsa. Ke nenye amegbetɔviwo ƒe ɖoɖoe la, ekema Yehowa ŋutɔ naƒo fi ade wo elabena wonyam dzoe le mía de ale be nyemate ŋu anɔ Yehowa ƒe amewo dome o eye woɖom ɖa be masubɔ mawu bubuwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa