Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 20:15 - Agbenya La

15 Esi Yoab ƒe aʋawɔlawo va ɖo la, woɖe to ɖe Seba le Abel Bet Maka, ƒu kpo ɖe dua ŋu tso anyigba yi gli la tame eye wode asi gli la gbagbã me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Azɔ wova ɖe to ɖe wo le Abel-Bet-Maaxa, eye woƒu kpo ɖe du la ŋu vaseɖe glia dzi. Eye aʋakɔ blibo, si le Yoab ŋu la, lu ɖe eme, be woamũ gli la.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 20:15
11 Mawu Ofanana  

Le ɣeyiɣi sia me la, Seba zɔ to Israelnyigba dzi be yeaƒo aʋakɔ aɖe nu ƒu tso eya ŋutɔ ƒe hlɔ̃, Bikri hlɔ̃ la me le Abel Bet Maka dua me.


Ben Hadad lɔ̃ ɖe Fia Asa ƒe nya la dzi heƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ƒe duwo ŋu. Egbã Iyɔn, Dan, Abel Bet Maka kple Kineret blibo la hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu.


Eƒe fiaɖuɣi mee Asiria fia, Tiglat Pilser, ame si wogayɔna be Pul la ho aʋa ɖe Israel ŋu. Du siwo dzi wòɖu la woe nye Iyɔn, Abel Bet Maka, Yanoa, Kedes kple Hazor. Exɔ Gilead kple Galilea hã hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu. Eɖe aboyo amewo yi Asiria.


“Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria fia ŋue nye esi: “ ‘Mage ɖe du sia me alo ada aŋutrɔ ɖeka pɛ le afi sia o. Mava afi sia kple eƒe akpoxɔnu alo aƒu kpo ɖe du sia ŋuti o.


Du sue aɖe nɔ anyi; ame ʋɛ aɖewo koe nɔ eme. Fia gã aɖe va kple eƒe aʋakɔ, eye woɖe to ɖee.


“Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria fia ŋue nye esi, “Mage ɖe du sia me alo ada aŋutrɔ ɖeka pɛ le afi sia o. Mava afi sia kple akpoxɔnu alo aƒu kpo ɖe du sia ŋuti o.


“Kpɔ ale si woƒu kpo ɖe dua ŋutii be woaxɔe ɖa. Le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta la, woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖee. Nu si nègblɔ la va eme abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene.


Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ ɖe aƒe siwo le du sia me kple Yuda fiawo ƒe fiasã siwo wogbã ƒu anyi be woalɔ awɔ akpoxɔnu ɖe futɔwo ƒe aʋawɔnuwo kple yi ŋuti,


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Milã atiawo, eye miaƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu. Ele be woahe to na du sia elabena eyɔ fũu kple ŋutasesẽ.


Na ameawo naɖe to ɖee; tu nu siwo woatsɔ aɖe to ɖee la ɖe eŋu. Tu xɔ tsralawo ɖe eŋu, eye nàtu gligbãnuwo aƒo xlãe.


Elabena ŋkeke aɖe gbɔna, eye wò futɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, axaxa wò le goawo katã dzi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa