Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 2:26 - Agbenya La

26 Abner do ɣli gblɔ na Yoab be, “Ɖe míatsɔ míaƒe yiwo anɔ mía nɔewo wuwu dzi ɖaa? Ɣe ka ɣie nàna wò amewo nagbugbɔ le wo nɔviwo yome?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye Abner yɔ Yoab gblɔ bena: Ɖe yi anɔ nuɖuɖu dzi koa? Menyae be, ava vɔ̃ɖi ɖe dzi emegbe oa? Ɣekaɣi nagblɔ na dukɔ la be, woatrɔ le wo nɔviwo yomea?

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 2:26
17 Mawu Ofanana  

David gblɔ nɛ be, “Gblɔ na Yoab be dzi megaɖe le eƒo o; ame sia ame ate ŋu atsi yi nu gbe ɖeka. Miyi aʋa la wɔwɔ dzi sesĩe wu tsã eye miagbã du la. De dzi ƒo nɛ be eyae le dɔ dzi loo!”


Abner gblɔ na Yoab be, “Mina míaƒe ɖekakpuiawo nawɔ fefe kple woƒe yiwo míakpɔ!” Yoab lɔ̃ hegblɔ bena, “Enyo, na ne woawɔe.”


Ame sia ame lé nɔvia ƒe ɖa eye wòtɔ yi axadame na nɔvia. Ale wo katã ku. Woyɔa teƒe ma le Gibeon va se ɖe egbe be “Yi ƒe gbedzi.”


Abner ƒe aʋawɔlawo tso Benyamin ƒe to la me ƒu asaɖa anyi ɖe to la tame.


Yoab ɖo eŋu be, “Metsɔ Mawu ka atam be, ne menye ɖe nèƒo nu o gɔ̃ hã la, anye ne mí katã míatrɔ adzo, ayi aƒe me etsɔ ŋdi.”


Ɣe ka ɣi miadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ? Midze nunya ekema míate ŋu aƒo nu.


“Va se ɖe ɣe ka ɣie miawɔ funyafunyam eye miatsɔ miaƒe nyawo agbãm?


O! Amegbetɔviwo, va se ɖe ɣe ka ɣie miaɖi gbɔ̃ nye ŋutikɔkɔe? Va se ɣe ka ɣie mialɔ̃ beble, ahadze aʋatsomawuwo yome? Sela


Dzregɔmetoto le abe ale si woŋɔa tɔʋu ene; eya ta ɖe asi le nya ŋu hafi wòava zu dzre.


Ke ne miesẽ to, dze aglã la, yi atsrɔ̃ mi.” Elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.


Nugblẽlawo ava ƒo ɖe to ƒuƒluwo dzi le gbedzi elabena Yehowa ƒe yi agblẽ nu tso anyigba ƒe go sia dzi ayi ekemɛ dzi eye ame aɖeke mato le eme o.


“Dzodzroe mehe to na wò amewo, elabena mehe ɖɔɖɔɖo aɖeke va woƒe agbe mee o. Wò yi vuvu wò nyagblɔɖilawo abe dzata dɔwui ene.


Va se ɖe ɣe ka ɣie makpɔ aflaga, ase aʋakpẽ?


Gake gbe ma gbe nye Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la tɔ, hlɔ̃biaŋkeke wòanye, ne wòabia hlɔ̃ eƒe futɔwo. Yi aɖu nu va se ɖe esime wòaɖi ƒo eye ano ʋu va se ɖe esi me wòaɖi kɔ elabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, asa vɔ le anyiehenyigba dzi, le Frat tɔsisi la to.


“Miɖe gbeƒã le Egipte, mido kpoe le Migdol eye mido kpoe le Memfis kple Tapanhes hã. ‘Mitso miadzra ɖo, ne mianɔ mia nɔƒewo elabena yi wu ame siwo ƒo xlã mi godoo.’


Aʋa adzɔ le woƒe duwo me; woagbã woƒe agbo sesẽwo, eye woatɔ te woƒe ɖoɖowo.


Esi ŋu ke la, Mose gaɖi tsa yi etɔ Israelviwo gbɔ. Kasiaa, ekpɔ Israelvi dzidzi eve hã wonɔ dzre wɔm vevie. Mose te ɖe wo ŋu enumake be yealé avu le wo dome. Egblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, menyo kura be miawo ɖeɖe mianɔ dzre wɔm alea o eya ta midzudzɔ, ne miawɔ ɖeka.’


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa