Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 2:23 - Agbenya La

23 Ke egbe, megbugbɔ o. Ale Abner ƒo akplɔ ɖe dɔ me nɛ eye akplɔ la ŋɔe do ɖe eƒe dzime. Edze anyi, heku eye ame sia ame si va ɖo afi si wòmlɔ la tɔna ɖe afi ma.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ke egbe tɔtrɔ, eye Abner tso akplɔnu ƒo ɖe do me nɛ, eye akplɔ la ɖi go ɖe egodo, eye wòdze anyi ɖe afima heku ɖe eteƒe. Eye wòva me, ne amesiame va teƒe, si Asahel dze anyi ku ɖo la, etɔna ɖi.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 2:23
7 Mawu Ofanana  

Azɔ la, Yoab kple Abisai ti Abner yome. Ɣe la nɔ to ɖom esi wova ɖo Ama togbɛ la gbɔ le Gia lɔƒo le mɔ si yi Gibeon gbegbe la dzi.


Amasa mekpɔ yi ɖaɖɛ si Yoab lé kple miasi la o. Ale Yoab nyrɔ yi la ɖe dɔme nɛ flo, eƒe dɔmenuwo kaka ɖe anyigba eye wòku ɖe afi ma enumake. Yoab kple nɔvia Abisai gblẽe ɖe afi ma eye woti Seba, Bikri vi la yome.


Esi Abner va ɖo Hebron la, Yoab ɖe kpɔe le dua ƒe agbonu abe nya ɣaɣla aɖee wòbe yeagblɔ nɛ ene, ke eɖe adekpui eye wòwui abe hlɔ̃biabiae ɖe nɔvia Asahel, ame si Abner wu la ta ene.


Yoab kple nɔvia Abisai wowu Abner elabena ewu wo nɔviŋutsu Asahel le aʋa le Gibeon.


Woge ɖe aƒea me abe lu tsɔ ge woyi le titinaxɔ me ene; wotɔ hɛ dɔme nɛ eye wosi dzo.


Azɔ la, David kplɔ eƒe aʋawɔlawo yi Yerusalem be woawɔ aʋa kple Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem. Ke Yebusitɔwo gblɔ na David be, “Màte ŋu axɔ afi sia o, ŋkuagbãtɔwo kple xɔdrɔ̃wo gɔ̃ hã axe mɔ na wò!” Wogblɔ alea elabena wobu be yewonɔ dedie.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa