Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 2:18 - Agbenya La

18 Yoab nɔviŋutsuwo, Abisai kple Asahel hã nɔ aʋawɔlawo dome. Asahel ƒua du abe zi ene

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Zeruya viŋutsu etɔ̃ le afima: Yoab, Abisai kple Asahel; eye Asahel ƒe afɔ tsɔna abe zi le gbe me ene.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 2:18
19 Mawu Ofanana  

Saul kple Yonatan, le agbe me la, wolɔ̃ wo eye wovea ame nu. Le ku me hã wo me mema o. Woɖi du wu hɔ̃wo, eye wosẽ wu dzatawo.


Esi Aʋafia Yoab kpɔ be David di vevie be yeagakpɔ Absalom la,


eye eya ɖeka kplɔ Abner ɖo. Medze ɖe ɖusi alo mia me le Abner yome o.


Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo.


Ame siwo nɔ ame blaetɔ̃awo dome: Asahel, Yoab nɔvi, hã nɔ ame blaetɔ̃awo dome. Bubuawoe nye: Elhanan, Dodo ƒe vi, tso Betlehem;


“Ènya be Yoab, Yeruya vi wu nye Israelʋafia eve, Abner kple Amasa. Eble amewo be aʋa mee yewu wo le, le esime wònye ŋutifafa ƒe ɣeyiɣiwo mee wòwu wo le.


Aʋawɔla xɔŋkɔ bubu siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye: Asahel, Yoab nɔvi; Elhanan, Dodo ƒe vi tso Betlehem;


Aʋawɔla kalẽtɔ aɖewo siwo tso Gad ƒe viwo dome hã yi David gbɔ le gbedzi. Wowɔa akpoxɔnu kple akplɔ siaa ŋu dɔ nyuie. Woƒe mo le abe dzata tɔ ene eye woɖea abla abe zi ene le towo dzi.


Ezer nye woƒe tatɔ, Obadia nye evelia, etɔlia nye Eliab.


Hatsotso enelia ƒe tatɔe nye Asahel, Yaob nɔvi, ame si teƒe via Zebadia va xɔ ɖo emegbe. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti enelia me.


Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene, eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo.


Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu le xexe blibo la me eye mede dzesii be ame si ƒua du sesĩe wu ame bubu ɖe sia ɖe la meɖua dzi le duɖimekekewo katã me ɣe sia ɣi o eye ame sesẽtɔ meɖua dzi le aʋawɔwɔ me ɣe sia ɣi o. Megakpɔe be enuenu la, nunyalawo daa ahe eye aɖaŋutɔwo mezua ame xɔŋkɔwo ɣe sia ɣi kokoko o, ke esiawo katã ɖina ɖe ame ko, ne amea le teƒe nyuitɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.


Nye lɔlɔ̃tɔ, trɔ gbɔ hafi ŋu nake, viviti nasi dzo, eye nànɔ abe sãde alo zivi le togbɛ tsakliwo dzi ene.


Nye lɔlɔ̃tɔ, si va, eye nànɔ abe sãde alo zivi si le gbe ʋeʋĩwo ƒe towo dzi la ene.


Miaƒe aʋawɔla ɖeablawo mate ŋu asi, akpɔ sitsoƒe o, ame sesẽwo mate ŋu azã woƒe ŋusẽ o, eye kalẽtɔ mate ŋu aɖe eƒe agbe o.


Aƒetɔ Yehowae nye ŋusẽ. Ewɔ nye afɔ abe zinɔ tɔ ene, eye wònana be mazɔa Kɔkɔeƒewo. Na hafiala, woadzi ɖe kasaŋku ŋu.


David bia Ahimelek, Hititɔ la kple Abisai, Yoab nɔviŋutsu, ame si dada nye Zeruya be, “Mi ame eve siawo dometɔ kae ayi Saul ƒe saɖa la me kplim?” Abishai ɖo eŋu be, “Mayi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa