Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 19:39 - Agbenya La

39 Ale ameawo katã tso Yɔdan tɔsisi la kple fia la. Fia la kpla asi kɔ na Barzilai, yrae eye Barzilai trɔ yi aƒe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Fia la gblɔ be: Kimham neyi kplim, eye mawo nusi nyo ŋuwò la nɛ, eye nusianu, si nèdi tso asinye la, mawɔe na wò.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 19:39
18 Mawu Ofanana  

eye wòyra Abram gblɔ be, “Mawu Dziƒoʋĩtɔ, dziƒo kple anyigba wɔla nayra Abram,


Mawu Ŋusẽkatãtɔ nayra wò, ana viwòwo nasɔ gbɔ, eye nàzu dukɔ gã aɖe!


Laban fɔ ŋdi kanya, gbugbɔ nu na viawo kple eƒe tɔgbuiyɔviawo, yra wo, eye wòtrɔ yi wo de.


Egbugbɔ nu na nɔviawo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wògafa dzidzɔvi. Azɔ ko hafi nɔviawo te ŋu ƒo nu.


Yakob gayra Farao hafi dzo.


Emegbe la, Yosef kplɔ fofoa, Yakob va Farao gbɔ, eye Yakob yra Farao.


Ke fofoa gblɔ nɛ be, “Ao, vinye, ne mí katã míeva la, míanye agba na wò akpa.” Absalom ƒoe ɖe enu gake melɔ̃ ɖe yiyi dzi o; ɖeko wòda akpe nɛ ɖe eƒe amekpekpe la ta.


Yoab gblɔ nya si Absalom gblɔ la na fia la eye David yɔ Absalom mlɔeba. Eva, de ta agu na fia la eye wòkpla asi kɔ nɛ.


Fia la gblɔ be, “Kimham atso tɔ la kplim eye mawɔ nu sia nu si nèdzro la nɛ eye mawɔ nu sia nu si nèdzro la na wò.”


Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me


David hã yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo. Mixal va do goe eye wògblɔ na David fewuɖutɔe be, “Israel fia la de bubu gã aɖe ŋutɔ eɖokui ŋu egbe! Eɖe eɖokui fia nyɔnuviwo le ablɔ dzi abe yakame gbɔlo aɖe ene!”


Elisa gblẽ nyitsuawo ɖe afi ma, ƒu du ɖatu Eliya eye wògblɔ nɛ be, “Gbã la, na mayi aɖaklã fofonye kple danye ekema mayi kpli wò!” Eliya gblɔ nɛ be, “Yi, nàtrɔ gbɔ! Nu kae na wò lãme le ƒoƒom ale?”


Ale Balaam kple Balak klã mɔ, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ yi wo de.


Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Maria be, “Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo ene,


Le esia megbe la, wokpla asi kɔ nɛ hedo hedenyuie nɛ kple avi,


Mido gbe na nɔviwo katã le Kristo me.


Wogade asi avifafa me. Orpa gbugbɔ nu na lɔ̃xoa hedo hedenyui nɛ, eye wòtrɔ yi aƒe me, ke Rut ya lé ɖe lɔ̃xoa ŋu.


Ale David ka atam la na Saul. Tete Saul trɔ dzo yi aƒe me ke David kple eƒe ameawo gbugbɔ yi mɔ sesẽ la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa