Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 19:22 - Agbenya La

22 David blu ɖe eta gblɔ be, “Nya kae le nye kple mi Zeruya ƒe viwo dome? Egbe miezu nye futɔwo. Ɖe wòle be woawu ame aɖe le Israel egbea? Ɖe mènya be egbea menye fia le Israel oa?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Tete Abisai, Zeruya tu la, gblɔ bena: Alo womele Simei, amesi do ɖiŋu na Yehowa ƒe amesiamina la, wu ge oa?

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 19:22
11 Mawu Ofanana  

Ke fia la gblɔ be, “Nya kae le nye kple miawo, Zeruya ƒe viwo, dome? Ne ele ɖiŋu dom elabena Yehowae gblɔ nɛ be, ‘Ƒo fi de David’ la, ame ka ate ŋu abia be, ‘Nu ka ta nèle nu sia wɔm ɖo?’ ”


Esi David kple eŋumewo gogo Bahurim la, ŋutsu aɖe do go tso kɔƒe aɖe me heƒo fi de wo. Ame siae nye Simei, Gera ƒe vi eye wòganye Saul ƒe ƒometɔ.


Abisai bia be, “Nu ka ta avu kuku sia aƒo fi ade wò, nye aƒetɔ, fia, mahã? Ɖe mɔ nam matso ta le enu!”


eye togbɔ be menye Mawu ƒe amesiamina hã la, nyemate ŋu awɔ naneke kple Zeruya ƒe vi eve siawo o. Yehowa naɖo vɔ̃ɖivɔ̃ɖi teƒe na ame vɔ̃ɖiwo.”


Woaɖo fiazikpui anyi le lɔlɔ̃ me. Ŋutsu aɖe si atso David ƒe aƒe me la, anɔ edzi le nuteƒewɔwɔ me. Ame sia adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòado dzɔdzɔenyenye ɖe ŋgɔ.


Esi wokpɔ Yesu la, wode asi ɣlidodo me be, “Nu ka dim wò Mawu ƒe Vi nèle le mía gbɔ? Ɖe nèva be yeawɔ fu mí hafi ɣeyiɣi la naɖoa?”


Ke Saul gblɔ be, “Womawu ame aɖeke egbe o elabena Yehowa ɖe Israel egbe!”


Ke Yehowa melɔ̃ be mawu ame si eya ŋutɔ tia be wòanye fia o. Nu si míawɔ enye míatsɔ eƒe akplɔ kple eƒe tsinoze eye míadzo le afi sia!”


Abisai do dalĩ na David be, “Mawu tsɔ wò futɔ de asi na wò egbe, ɖe mɔ nam matsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ atu edzi eye mamimii ɖe anyigba. Mahiã be magatui edzi zi evelia kura o!”


Ke David gblɔ na Abisai be, “Mègawui o elabena ame kae anye ame maɖifɔ ne ewu fia si Yehowa ŋutɔ tia?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa