Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 19:19 - Agbenya La

19 eye wòɖe kuku nɛ be, “Nye aƒetɔ kple fia, meɖe kuku na wò, tsɔ nu vɔ̃ɖi siwo mewɔ esi nèdzo le Yerusalem la kem eye nàŋlɔ wo be

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Emegbe duwo yi, be woaɖe tsi fiaƒe me tɔwo, eye woawo, abe alesi wòdi ene. Tete Simei, Gera vi, de ta agu ɖe fia la ŋku me, esime wotso Yordan.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 19:19
17 Mawu Ofanana  

Nɔvia Absalom biae be, “Nyateƒee be Amnon gblẽ wòa? Mègana wòave wò nenema kura o, elabena ƒome ɖeka sia me ko nya la dzɔ le. Esia menye nya aɖeke si ŋu nàtsi dzi le alea o!” Ale Tamar nɔ nɔvia Absalom gbɔ abe nyɔnu si ɖi gbɔ̃ eɖokui ene.


Mele be nye aƒetɔ, fia la naƒo to nya sia bena fiaviŋutsuawo katã ku o. Amnon koe ku.”


Wo katã wona kpekpeɖeŋu fia la kple eƒe aƒemetɔwo kple aʋawɔlawo eye wokpe ɖe wo ŋu ale si woate ŋui. Esi fia la va yina la, Simei, Gera ƒe vi mlɔ anyigba le eŋkume


Woayra ŋutsu si Aƒetɔ la meɖe vodada na o, eye alakpa mele eƒe gbɔgbɔ me o.


Mègawɔ na mí ɖe mía fofowo ƒe nu vɔ̃ nu o; na wò nublanuikpɔkpɔ nava do go mí kaba, elabena míeɖo xaxa gã aɖe me.


Ne wò amegã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la, mègadzo le egbɔ o, elabena blewu tsia dɔmedzoe helĩhelĩ nu.


“Nyee, ɛ̃, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemagaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o.


Ame aɖeke magafia nu ehavi alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o, elabena wo katã woadze sim tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,” Yehowae gblɔe. “Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Yehowae gblɔe.


Aron gblɔ na Mose be, “Nye aƒetɔ, meɖe kuku, mègana nu vɔ̃ si míewɔ tamemabumabutɔe la ƒe metsonu nava mía dzi o.


Egblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃, elabena mede ame maɖifɔ asi.” Ke woɖo eŋu nɛ be, “Wò nyae nye ema, ɖeke meka mí o.”


Gbeƒã si ko ɖem míele fifia lae nye be Mawu to Kristo dzi le xexea me katã kpem va eɖokui gbɔe. Magaɖo ŋku amewo ƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o, ke boŋ atsɔ wo ake wo eye wòatutu wo ɖa keŋ. Nukunya siae wòde asi na mí be míagblɔ na amewo katã.


Menye esiae nye zi gbãtɔ si mebia nya Mawu tso eŋu o! Menyo be nàtsɔ nya ɖe nye kple nye ƒometɔwo ŋu alea o elabena míenya naneke tso nya sia si nètsɔ ɖe mía ŋu la ŋu o.”


Nye aƒetɔ, megaɖo to Nabal ŋutsu vɔ̃ɖi ma o. Ɖe ko wòle abe aƒe ŋkɔ ene. Eƒe ŋkɔ gɔmee nye Bometsila. Eya ta bometsitsi nɔ eŋu ɖo. Ke nye, wò dɔla, ya la, nyemekpɔ ŋutsu siwo nye aƒetɔ dɔ ɖa la o.


Enumake Saul ʋu eme be, “Mewɔ nu vɔ̃. Trɔ va aƒe, vinye eye nyemagadze agbagba be mawɔ vɔ̃ aɖeke wò o, elabena èɖe nye agbe egbe; abunɛtɔe menye eye tɔnye medzɔ le go aɖeke me kura o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa