Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 19:18 - Agbenya La

18 Wo katã wona kpekpeɖeŋu fia la kple eƒe aƒemetɔwo kple aʋawɔlawo eye wokpe ɖe wo ŋu ale si woate ŋui. Esi fia la va yina la, Simei, Gera ƒe vi mlɔ anyigba le eŋkume

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Benyamin-ŋutsu akpe ɖeka kple dɔla Ziba, si le Saul ƒe me, kple via wuiatɔ̃awo kple eƒe dɔla blave wokpe ɖe eŋu, eye wotre Yordan nu vava na fia la.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 19:18
10 Mawu Ofanana  

Ame akpe ɖeka tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eŋu. Ziba, Saul ƒe subɔla kple Ziba ƒe viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve hã nɔ ame siawo dome. Woyi Yɔdan tɔsisi la to be yewoatre afi ma ɖoɖo na fia la.


eye wòɖe kuku nɛ be, “Nye aƒetɔ kple fia, meɖe kuku na wò, tsɔ nu vɔ̃ɖi siwo mewɔ esi nèdzo le Yerusalem la kem eye nàŋlɔ wo be


Ke Mefiboset gblɔ na fia la be, “Tsɔ anyigba la katã nɛ: nye aƒetɔ ƒe tɔtrɔgbɔ ɖeɖe sɔ gbɔ nam!”


Wò kple viwòwo kple wò subɔlawo miade agble ɖe anyigba la dzi nɛ eye miatsɔ nukuawo vɛ ale be wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi nakpɔ nuɖuɖu. Ke Mefiboset, wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi, aɖu nu le nye kplɔ̃ ŋu.” Azɔ la, viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve nɔ Ziba si.


Azɔ la, dɔla aɖe nɔ Saul ƒe aƒe me si ŋkɔe nye Ziba. Woyɔe va David ŋkume eye fia la biae be, “Wòe nye Ziba?” Eɖo eŋu be, “Wò dɔlae.”


“Èɖo ŋku Simei, ame si nye Gera, Benyamintɔ tso Bahurim ƒe vi dzia? Eƒo fi dem vevie esime meyina Mahanaim. Ke esi wòva kpem le Yɔdan tɔsisi la nu la, medo ŋugbe nɛ le Yehowa ŋkɔ me be nyemawui o.


Migblɔ na Mawu be, “Wò dɔwɔwɔwo dziŋɔ loo! Wò ŋusẽ tri akɔ ale gbegbe be, wò futɔwo de ta agu na wò.


Ame siwo lé fu Yehowa la ada alakpa le eŋkume, eye woƒe tohehe anɔ anyi tegbee.


Mana ame siwo nye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo, ame siwo gblɔ be yewonye Yudatɔwo, evɔ womenyee o, ke boŋ wonye alakpatɔwo la ava de ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woaʋu eme be melɔ̃ wò.


Menye esiae nye zi gbãtɔ si mebia nya Mawu tso eŋu o! Menyo be nàtsɔ nya ɖe nye kple nye ƒometɔwo ŋu alea o elabena míenya naneke tso nya sia si nètsɔ ɖe mía ŋu la ŋu o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa