Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 18:8 - Agbenya La

8 Ame siwo bu le avea me la sɔ gbɔ wu ame siwo wowu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye aʋa la kaka tso afima ɖe anyigba blibo la dzi, eye amesiwo tsi ave si la sa gbɔ wu esiwo tsi yi nu gbemagbe.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 18:8
10 Mawu Ofanana  

David ƒe amewo ɖu Israel ƒe aʋakɔ la dzi. Wowu ame akpe blaeve (20,000) sɔŋ le Israelviwo dome gbe ma gbe.


Le aʋa la me la, Absalom va do go David ƒe amewo. Esi Absalom nɔ eƒe tedzisɔ dzi si yina la, tedzisɔa to logoti aɖe ƒe alɔdzewo te eye eƒe taɖa ku alɔdze aɖe. Tedzisɔ la si dzo, do le ete le esime eya ŋutɔ tsi ɖe alɔdze la ŋu henɔ nyenyem segblesegble le yame.


Aʋawɔla siwo susɔ la si yi Afek ƒe gliwo megbe, ke gliawo ƒe akpa aɖe mu dze wo dzi eye wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-adre ku. Ben Hadad si yi du la me eye wòbe ɖe aƒe aɖe ƒe xɔ ememetɔ me.


Tso, O, Yehowa! Ɖem, O, nye Mawu! Ƒo tome na nye futɔwo katã; eye nàŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo.


O! Mawu, tso afia nam, eye nàʋli tanye le mawumavɔ̃lawo dome, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo ƒe asi me.


Ke wò la, ègbɔ wò gbɔgbɔ, eye ƒu la ŋe tsyɔ wo dzi. Wodze to abe asabukpe ene ɖe tsi gã la te.


Vinye, vɔ̃ Yehowa kple fia la eye mègade aglãdzelawo dzi o


elabena ame eve mawo ana gbegblẽ naƒo ɖe wo dzi kpoyi eye ame kae nya dzɔgbevɔ̃e si woate ŋu ahe vɛ?


Esi futɔwo nɔ sisim tso toawo dzi henɔ abu ɖim la, Yehowa na kpewo ge tso dziƒo va dze wo dzi hetsrɔ̃ wo le mɔa dzi va se ɖe keke Azeka ke. Ame siwo kpe siawo wu la sɔ gbɔ wu ame siwo Israelviwo wu kple yi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa