Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 18:18 - Agbenya La

18 Absalom tu ŋkuɖodzikpe aɖe na eɖokui le eƒe agbenɔɣi ɖe Fia ƒe Balime elabena egblɔ be, “Viŋutsu aɖeke mele asinye si ana nye ŋkɔ natsi anyi o.” Ena ŋkɔe be “Absalom ƒe Ŋkuɖodzikpe.” Wogayɔnɛ nenema egbegbe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke esi Absalom le agbe la, eɖo kpea ɖe ɖe fia ƒe bali la me; elabena egblɔ be: Viŋutsua ɖeke mele asinye, ne wòalé nye ŋkɔ ɖe te o. Etsɔ eƒe ŋkɔ na kpe la, eye woyɔnɛ vaseɖe egbe be Absalom ƒe ŋkuɖodzikpe.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 18:18
13 Mawu Ofanana  

Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.”


Eya ta wona ŋkɔ du ma be Babel si gɔmee nye, “Tɔtɔ,” elabena afi ma Yehowa tɔtɔ gbe na amewo le, eye wokaka ɖe afi sia afi le anyigba blibo la dzi.


Esi Abram trɔ gbɔna tso aʋa si wòho ɖe Kedolaoma kple fia bubuawo ŋu le Save balime (si wogayɔna be Fia ƒe Balime) la, Sodom fia va kpee,


Viŋutsu etɔ̃ kple vinyɔnu ɖeka, Tamar, ame si dze tugbe ŋutɔ la nɔ Absalom si.


Eƒe dzidzimeviwo netsrɔ̃, eye woaɖe woƒe ŋkɔwo ɖa le dzidzime si gbɔna la me.


Togbɔ be anyigbawo le wo si woŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi hã la, woƒe yɔdowo anye woƒe aƒe tegbee, eye woanye woƒe nɔƒe tso dzidzime yi dzidzime.


‘Nu ka wɔm nèle le afi sia, eye ame kae ɖe mɔ na wò be naɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi sia hafi nèle yɔdo ɖem ɖe kɔkɔƒe, eye nèle kpe gbãm be nàwɔ wò dzudzɔƒe ɖe agakpewo tome?’


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Miŋlɔ nu tso ŋutsu sia ŋu abe ame si si vi mele o la ene, ame si nu madze edzi na le eƒe agbe me o; elabena eƒe dzidzimevi aɖeke makpɔ dzidzedze o, eye wo dometɔ aɖeke hã manɔ anyi ɖe David ƒe fiazikpui dzi alo agaɖu fia akpɔ le Yuda o.”


egblɔ be, “Ɖe menye esiae nye Babilonia gã si metu abe nye fia la ƒe nɔƒe to nye ŋusẽ triakɔ kple nye fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe me ene oa?”


Le ɣe ma ɣi me la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Noba la kplɔ aʋakɔ aɖe yi Kenat kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la me, eye wòxɔ wo. Etsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ na teƒe la be Noba.


Le ŋdi kanya la, eyi ɖadi Saul; ame aɖe gblɔ nɛ be, “Saul yi Karmel to dzi afi si wòtu ŋkuɖodzikpe aɖe ɖo na eɖokui eye wòtso eme yi Gilgal.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa