Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 17:9 - Agbenya La

9 Ɖewohĩ ebe ɖe do alo agado aɖe me ɖa xoxo! Ne edo va dze mia dzi eye wòwu miaƒe ame aɖewo la, vɔvɔ̃ aɖo wò aʋawɔlawo eye ame sia ame ade asi ɣlidodo me be wosi aʋakɔ si kplɔ Absalom ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Kpɔ ɖa, eɣla ɖe doa wo dometɔa ɖe me alo ɖe teƒea wo dometɔa ɖe, eye ava me, ne amewo de asi aʋatsitsi me le gɔmedzedzea me la, ekema woasee agblɔ be: wosi aʋakɔ, si kplɔ Absalom ɖo:

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 17:9
10 Mawu Ofanana  

Ekema wò kalẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã, nenye dzata ƒe dzie le dɔ me na wo gɔ̃ hã la, vɔvɔ̃ ana woatsi teƒe ɖeka elabena Israel blibo la nya be fofowò bi ɖe aʋawɔwɔ me eye eƒe asrafowo hã nye kalẽtɔwo.


Ènya fofowò kple eƒe amewo nyuie, ènya be wonye aʋawɔla sesẽwo. Ɖewohĩ David ƒe mo nyra ɖa abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi le egbɔ la ene. Aʋawɔla xɔŋkɔ, kpɔnuteƒee fofowò nye, ne zã do la, mamlɔ aʋawɔlawo dome o.


Ke vudo si me wòtsɔ ame siwo wòwu kpe ɖe Gedalia ŋu ƒe kukuawo ƒu gbe ɖo lae nye esi Fia Asa ɖe be yeatsɔ axe mɔ na Israel fia Baasa. Ke Netania ƒe vi, Ismael yɔe fũu kple ŋutilã kukuwo.


wowu Israelvi abe ame blaetɔ̃ vɔ ade ene le aʋakpekpe la me, eye ame bubu geɖewo ku esime futɔwo nya wo tso Ai va se ɖe kpegbãƒe la. Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ lãme na Israelviwo ŋutɔŋutɔ.


Ekema míade asi sisi me, eye woakplɔ mí ɖo va se ɖe esi woƒe aʋawɔlawo katã ado go le dua me. Woagblɔ be, ‘Israelviwo gale sisim abe ale si wowɔ zi gbãtɔ ene!’


Ale David dzo le Gat eye wòsi yi Adulam ƒe agado me; le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nɔviawo kple ƒometɔwo va tsi egbɔ le afi ma.


Miyi ne miaka ɖe afi si wòle kple ame siwo kpɔe le afi ma la dzi elabena menya be ayetɔ gã aɖee wònye.


Saul yi ɖe agado aɖe le afi si mɔ la to alẽkpo aɖewo dome le la me be yeade afɔdzi, sigbeɖe, David kple eƒe aʋawɔlawo be ɖe agado ma ke me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa