Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 17:8 - Agbenya La

8 Ènya fofowò kple eƒe amewo nyuie, ènya be wonye aʋawɔla sesẽwo. Ɖewohĩ David ƒe mo nyra ɖa abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi le egbɔ la ene. Aʋawɔla xɔŋkɔ, kpɔnuteƒee fofowò nye, ne zã do la, mamlɔ aʋawɔlawo dome o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye Xusai gblɔ bena: Enya fofowò kple eƒe amewo be, kalẽtɔwo wonye, eye aɖa le mo na wo abe sisiblisi, si ŋu wole viwo la le gbedzi ene. Aʋame hãe fofowò nye, eye mana ameha la natsi adɔ o.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 17:8
20 Mawu Ofanana  

Eƒe amewo kple Keretitɔwo kple Peletitɔwo kple Gititɔ alafa adeawo, ame siwo dze eyome tso Gat la va to eŋu eye wozɔ le fia la ŋgɔ.


Ɖewohĩ ebe ɖe do alo agado aɖe me ɖa xoxo! Ne edo va dze mia dzi eye wòwu miaƒe ame aɖewo la, vɔvɔ̃ aɖo wò aʋawɔlawo eye ame sia ame ade asi ɣlidodo me be wosi aʋakɔ si kplɔ Absalom ɖo.


Ale aʋafia etɔ̃ siawo to Filistitɔwo dome, ku tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume,


Abisai, Yoab nɔvi, Zeruya vi nye amegã na ame etɔ̃awo. Etsɔ eƒe akplɔ wu futɔ alafa etɔ̃ kpɔ ale wòxɔ ŋkɔ abe ame etɔ̃awo ene.


Elisa trɔ kpɔ wo eye wòƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Enumake sisiblisinɔ eve do go tso ave aɖe me va vuvu wo ame blaene-vɔ-eve.


Enyo be nàdo go sisiblisi si ŋu woɖe viwo le wu esi nàdo go bometsila le eƒe bometsitsi me.


Ŋutasẽla si le ame dahewo dzi ɖum la le abe dzata si le gbe tem alo sisiblisi si le ade tam ene.


“ ‘Dzatanɔ kae dawò nye le dzatawo dome? Emlɔ dzataviwo dome, eye wònye viawo.


“Lã evelia si ɖi sisiblisi la nɔ tsitre ɖe nye ŋkume. Wofɔ eƒe akpa ɖeka ɖe dzi eye agbaƒuti etɔ̃ nɔ eƒe nu me le eƒe aɖuwo dome. Wogblɔ nɛ be, ‘Tso eye nàɖu lã wòasu wò!’


Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi dzoe ene, mavuvu wo akɔ ɖi abe dzatanɔ ene. Lã wɔadã aɖe avuvu wo viwo akɔ ɖi.


Dan ƒe to la ɖo eŋu be, “Mègahe nya kpli mí o, ne menye nenema o la, ame siwo doa dziku kabakaba la dometɔ aɖewo adze mia dzi eye wò kple wò aƒe miabu miaƒe agbe.”


Subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be yenya ɖekakpui aɖe tso Betlehem, enye ŋutsu aɖe si woyɔna be Yese la ƒe vi. Ɖekakpui sia menye kasaŋkuƒola nyui ɖeɖe ko o, ke boŋ enye ɖekakpui dzeɖekɛ, kalẽtɔ sesẽ kple ame ɖɔʋu aɖe hã. Gawu la, Yehowa li kplii.


Ale David ɖu Filistitɔ la dzi kple aŋetu kple kpe ɖeka, yi menɔ esi o gake ekpe le Filistitɔ la dzi eye wòwui.


Mikpɔ afi si tututu wòbe ɖo eye miatrɔ ava gblɔe nam. Ekema mayi kpli mi eye ne anya nɔ afi ma lɔƒo ko la, ne wòahiã be madii le nuto me blibo la hã la, madii eye makpɔe kokoko!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa