Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 17:29 - Agbenya La

29 anyitsi, nyinotsi babla, alẽwo kple akpɔnɔ si wowɔ kple nyinotsi la hã vɛ na David kple eƒe amewo be woaɖu. Wogblɔ be, “Dɔ le ameawo wum, ɖeɖi te wo ŋu eye tsikɔ hã le wo wum le gbegbea.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 anyitsi, notsi kpẽke, alẽwo kple nyinɔkesuwo vɛ na Dawid kple ameha, si le eŋu, be woaɖu; elabena wogblɔ be: Dɔ wu ameha la, ɖeɖi te eŋu, eye tsikɔ wui le gbea dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 17:29
15 Mawu Ofanana  

Ɖeɖi te Fia la kple eŋumewo katã ŋu azɔ, esime woɖo Bahurim ale wotɔ ɖe afi ma hegbɔ ɖe eme sẽe.


Fia la bia Ziba be, “Nu ka míawɔ kple nu siawo?” Ziba ɖo eŋu be, “Tedziawo nye wò amewo tɔ be woanɔ dodom, aboloawo kple kutsetseawo nye ɖekakpuiawo ƒe nuɖuɖu. Ne ɖeɖi te ŋuwòme aɖe ŋu le gbegbea la, wòano wain la.”


Madze edzi esi ɖeɖi te eŋu eye wògbɔdzɔ. Made vɔvɔ̃ lãme nɛ ekema eŋumewo katã asi, agblẽe ɖi. Mawu fia la ɖeɖe ko,


Dɔ kple tsikɔ wu wo, eye nu te woƒe luʋɔ ŋu le wo me.


elabena Yehowa Mawue nye ɣe kple akpoxɔnu. Yehowae naa amenuveve kple bubu, eye metea nu nyui ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o.


Ele nu dzrom ŋkeke blibo la, ke ame dzɔdzɔe la nana faa, eye metea ame o.


mi ame siwo le Tema, miku tsi vɛ na ame siwo tsikɔ le wuwum. Mitsɔ nuɖuɖu vɛ na aʋasilawo,


Ɖe menye eyae nye be nàna nuɖuɖu dɔwuitɔwo, ana nɔƒe ame dahe si le tsaglãla tsam, ne èkpɔ ame aɖe wòle amama la, nàta avɔ nɛ, eye màtrɔ megbe ade wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu oa?


Yohana, Kuza srɔ̃, Kuza sia nye Fia Herod ƒe fiasã bliboa dzi kpɔla, Susana kple ame bubu geɖe siwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe ga kple nuɖuɖu nɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzi kpɔmii.


Ne ame kɔkɔewo ge ɖe hiã me la, miɖe wo tso eme. Mikpe amewo va miaƒe aƒewo me enuenu ne woaɖu nu kpli mi; ne dzeƒe hiã wo la, mina wo.


Tsɔ notsi babla lalã ewo yi na woƒe aʋalɔgoa ƒe amegã, bia nɔviwòwo ƒe agbe ta se eye nàxɔ gbe tso wo gbɔ vɛ nam.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa