Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 17:25 - Agbenya La

25 Absalom na Amasa zu aʋafia ɖe Yoab teƒe. Amasa fofoe nye Itra, Ismaeltɔ eye dadae nye Abigail, Nahas ƒe vinyɔnu, ame si nye Yoaz dada, Zeruya nɔvinyɔnu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye Absalom tsɔ Amasa ɖo aʋakɔ la nu ɖe Yoab teƒe; Amasa enye Ismael-ŋutsu, si ŋkɔ nye Yitra, amesi ɖɔ Nahas vinyɔnu Abigal, si nye Yoab dada, Zeruya nɔvinyɔnu gbɔ la ƒe vi.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 17:25
11 Mawu Ofanana  

Absalom kple Israel ƒe aʋakɔ la ƒo ƒu ɖe Gileadnyigba dzi.


Migblɔ na Amasa be, ‘Menye nye ŋutɔ nye lã kple ʋue nènye oa? Mawu nafiam, agafiam ɖe edzi wu, ne tso azɔ dzi yina la, wò Amasa, manye aʋafia na nye aʋakɔ la ɖe Yoab teƒe o fĩi.’ ”


Amasa ɖe nya me na Yuda ƒe kplɔlawo katã eye wolɔ̃ abe ame ɖeka ene. Woɖo du ɖe fia la be, “Gbugbɔ va mía gbɔ kple ŋuwòmewo katã.”


Fia la gblɔ na Amasa be wòaƒo Yuda ƒe aʋawɔlawo nu ƒu le ŋkeke etɔ̃ me eye wòana yeanya.


Yoab nye aʋafia na David ƒe aʋakɔ eye mede Absalom dzi o, ke ede Adoniya ya dzi. Esi Yoab se Adoniya ƒe ku la, eƒu du yi ɖadi sitsoƒe le Agbadɔ la me eye wòlé vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ɖe asi.


Ekema Yehowa ana ame eve siwo nyo wui hafi wòwu wo la ƒe nu vɔ̃ nanɔ eya ŋutɔ dzi elabena fofonye ƒe asi menɔ Aʋafia Abner, Israelʋakɔ la ƒe kplɔla gã la kple Aʋafia Amasa, Yudaʋakɔwo ƒe kplɔla gã la ƒe ku me o.


“Ènya be Yoab, Yeruya vi wu nye Israelʋafia eve, Abner kple Amasa. Eble amewo be aʋa mee yewu wo le, le esime wònye ŋutifafa ƒe ɣeyiɣiwo mee wòwu wo le.


Ŋutsu aɖewo tso Manase ƒe to la me ame siwo si va de David dzi esi wònɔ Filistitɔwo gbɔ be wòawɔ aʋa kple Saul. (Eya kple eƒe ameawo mekpe ɖe Filistitɔwo ŋu o elabena le aɖaŋudede megbe la, Filistitɔwo ƒe fiawo na wòtrɔ dzo. Wogblɔ be, “Woava tso ta le mía nu nenye be esi yi eƒe aƒetɔ Saul gbɔ.”)


Yese ƒe vi gbãtɔe nye Eliab, eveliae nye Abinadab eye etɔ̃liae nye Simea;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa