Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 17:17 - Agbenya La

17 Yonatan kple Ahimaaz nɔ En Rogel ale be amewo makpɔ wo ne woge ɖe dua me alo wodo go le dua me o. Wowɔ ɖoɖo kple nyɔnudɔla aɖe be wòayi aɖagblɔ nya si woagblɔ na David la na wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye Yonatan kple Aximaaz wonɔ Rogel-vudo la gbɔ. Eye dɔlanyɔnua ɖe hea gbe yinae na wo woɖagblɔna na fia Dawid be: womekpɔ mɔ ayi dua me o, elabena woava kpɔ wo.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 17:17
8 Mawu Ofanana  

Fia la gblɔ na Zadok be, “Kpɔ ɖa, medi be nàtrɔ le ŋutifafa me ayi dua me kple viwò Ahimaaz kple Abiata ƒe vi, Yonatan.


Nunɔla Zadok kple nunɔla Abiata manɔ afi ma kpli wò oa? Gblɔ nu sia nu si nàse le fiasã la me na wo.


Wo viŋutsu eveawo, Ahimaaz, Zadok ƒe vi kple Yonatan, Abiata ƒe vi, le afi ma kpli wo. Gblɔ nu si nàse la na wo be woava gblɔ nam.”


Yoab mekpɔ ɖe nu le nya siawo me hafi Yonatan, nunɔla Abiata ƒe vi, ƒu du va do ɖe wo dzi o. Adoniya gblɔ nɛ be, “Ge ɖe eme elabena ame nyuie nènye. Nya nyui aɖe anya nɔ asiwò kokoko.”


Adoniya yi En Rogel eye wòtsɔ alẽwo, nyitsuwo kple gbɔ̃vi damiwo sa vɔe le Sohelet kpe la gbɔ. Ebia tso Fia David ƒe viŋutsu bubuawo katã kple fiaŋume siwo katã nɔ Yuda la si be woava kpɔ ale si woaɖo fia ye la teƒe.


Tso afi ma la, liƒo la to Akɔr ƒe balime yi Debir, eye wòtrɔ yi anyiehe kple ɣetoɖoƒe dome ɖo ta Gilgal le Adumim towo ƒe akpa kemɛ dzi, le balime la ƒe dziehe lɔƒo. Egayi En Semes ƒe tsi dzidziwo gbɔ heyi En Rogel.


heyi to si le Ben Hinom ƒe Balime le Refaim ƒe balime ƒe anyiehe gome. Etso afi ma, heto Hinom ƒe balime hetrɔ yi dziehe gome, afi si Yebusitɔwo nɔ, eye wòyi ɖatɔ En Rogel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa