Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 17:16 - Agbenya La

16 Egblɔ na wo be, “Afɔ netsɔ! Midi David enumake eye miagblɔ nɛ be, meganɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe le zã sia me o ke boŋ ele be wòatso tɔsisi la enumake ayi gbedzi le tɔsisi la godo. Ne mewɔ alea o la, eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ la katã atsrɔ̃.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eyata nètsɔ, mido ame ɖo ɖa, ne woaɖagblɔ na Dawid bena: Megatsi tɔtsoƒe da le gbea dzi o, ke boŋ yi taa godo, ne womagatsrɔ̃ fia lã kple ameha, siwo katã le eŋu la o!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 17:16
14 Mawu Ofanana  

David gblɔ na eƒe amewo enumake be, “Ekema mina míasi enumake hafi sisi magava nɔ mía ŋu o. Ne míesi dzo le dua me hafi Absalom va ɖo la, ekema míawo kple Yerusalem du la siaa míakpɔ ɖeɖe.”


Matɔ ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe va se ɖe esime mese nya aɖe tso gbɔwò. Na manya nu si le dzɔdzɔm le Yerusalem hafi mabu ɖe gbegbe la.”


Nunɔla Zadok kple nunɔla Abiata manɔ afi ma kpli wò oa? Gblɔ nu sia nu si nàse le fiasã la me na wo.


Mègana woabu be, “Ɛhɛ̃, esia tututu dim míele” o. Alo agblɔ be, “Míemii agbagbee” o.


Maɖe abla ayi ɖe nye bebeƒe, ate ɖe aga tso ya sesẽwo kple ahom gbɔ.”


Ame siwo le ŋunye gblẽm la ti yonyeme ŋkeke blibo la, eye wo dometɔ geɖewo tso ɖe ŋunye kple dada.


Edɔ xɔnametɔ tso dziƒo, eye wòxɔ nam heka mo na ame siwo le yonyeme tim kutɔkutɔe. Sela Mawu dɔ eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nuteƒewɔwɔ ɖa.


Ne eva dzɔ alea la, ekema Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me nyawo ava eme be, “Womi ku le dziɖuɖu me.”


Zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me ko la, zi nenema ke míekpea fu siwo hea hũɖeɖe kple vevesese vaa mía dzi. Menye ɖe míebe míadzo kaba le anyigbadziŋutilã sia me o, ke boŋ míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be Aƒetɔ la natsɔ dziƒotɔ si nye agbe la atsyɔ na mí, be wòaɖu esi me míele fifia si gblẽna la dzi.


Ƒu du sesĩe; netsɔ! Mègatɔ o!” Ale ŋutsuvi la fɔ aŋutrɔawo eye wòƒu du yi eƒe aƒetɔ gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa