Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 17:11 - Agbenya La

11 “Nu si mebue nye be nàƒo Israel dukɔ blibo la ƒe aʋakɔ la nu ƒu tso keke Dan va se ɖe Beerseba ale be aʋakɔ gã aɖe nanɔ asiwò. Mebu hã be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋakɔ la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke nye aɖaŋu enye si: Na Israel blibo la nakpe la ɖe ŋuwò tso Dan vaseɖe Beer-Seba, abe alesi ƒutake sɔ gbɔe ene, eye wò ŋutɔ naho kpli wo!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 17:11
14 Mawu Ofanana  

Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!


Ale Abraham fɔ ŋdi kanya, tsɔ nuɖuɖu kple tsi na Hagar, eye wòdo mɔ eya kple wo vi Ismael. Hagar zɔ mɔ kple via yi gbedzi le Beerseba. Menya afi si tututu wòyina o.


makɔ yayra manyagblɔwo ɖe dziwò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ fũu abe ɣletivi siwo le dziƒo alo ƒutake ene. Wò dzidzimeviwo aɖu woƒe futɔwo dzi,


Azɔ la, kplɔ aʋawɔla mamlɛawo, nàɖe to ɖe dua eye nàxɔe. Ne menye nenema o la, maxɔ dua eye matsɔ nye ŋkɔ nɛ.”


Ale fia la dɔ Aʋafia Yoab kple aʋafia bubuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi ne miatsa le Israel ƒe toawo katã me tso Dan va se ɖe Beerseba eye miaŋlɔ ŋutsu siwo ate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔ ne manya woƒe xexlẽme.”


ne nyemexɔ fiaɖuƒe la tso Saul ƒe aƒe me eye ne nyemeɖo David ƒe fiazikpui la gɔme anyi ɖe Israel kple Yuda dzi, tso Dan va se ɖe Beerseba o.”


Azɔ la, Siria fia la gblɔ ɖo ɖe Ahab be, “Mawuawo nafiam agafiam ɖe edzi ne nye aʋakɔ metrɔ Samaria wòzu ʋuʋudedi asiʋlo ʋɛ aɖewo ko o!”


Israel kple Yuda nye dukɔ si kpɔ kesinɔnu geɖe; woƒe amewo sɔ gbɔ eye dzidzeme nɔ anyigba la dzi.


Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me; ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo atsɔ wo ade mɔ me. Ŋugbledede. Sela


Dukɔ siawo katã kplɔ woƒe aʋakɔwo vɛ, eye woƒo ƒu zu aʋakɔ gã ɖeka ɖe Israel ŋu. Aʋakɔ gã sia kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene.


Ale Israelviwo katã tso Dan va se ɖe Beerseba kple Gileadnyigba dzi la ƒo ƒu abe ame ɖeka ene ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa.


Filistitɔwo ƒo ƒu aʋakɔ gã aɖe si me tasiaɖam akpe etɔ̃ (3,000) kple sɔdola akpe ade (6,000) kple afɔzɔla siwo sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nɔ be woawɔ aʋa kple Israel. Woƒu asaɖa anyi ɖe Mikmas, le Bet Aven ƒe ɣedzeƒe gome.


Eya ta Israel blibo la, tso Dan yi Beerseba nya be Yehowa ɖo Samuel nyagblɔɖilae.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa