Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 16:5 - Agbenya La

5 Esi David kple eŋumewo gogo Bahurim la, ŋutsu aɖe do go tso kɔƒe aɖe me heƒo fi de wo. Ame siae nye Simei, Gera ƒe vi eye wòganye Saul ƒe ƒometɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Esi fia Dawid va Baxurim la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe, si tso Saul ƒe aƒe ƒe ƒome la me, si ŋkɔ nye Simei, Gera vi la, do tso afima va le ɖiŋu dom.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 16:5
22 Mawu Ofanana  

Ɖeɖi te Fia la kple eŋumewo katã ŋu azɔ, esime woɖo Bahurim ale wotɔ ɖe afi ma hegbɔ ɖe eme sẽe.


Fia la gblɔ na Ziba be, “Ekema metsɔ nu sia nu si nye etɔ la na wò.” Ziba ɖo eŋu be, “Akpe na wò; meda akpe gã aɖe na wò, nye amegã.”


Eda kpe Fia la kple eƒe aʋafiawo kple aʋawɔla siwo katã ƒo xlãe!


Ke esi wodzo le En Rogel yina David gbɔ la, ŋutsu aɖe kpɔ wo eye wòyi ɖagblɔe na Absalom. Le ɣeyiɣi sia me la, wosi yi Bahurim eye ŋutsu aɖe ɣla wo ɖe eƒe vudo me le eƒe aƒe godo.


Abi Albon tso Arbat; Azmavet tso Bahurim;


Paltiel dze srɔ̃a yome nɔ avi fam va se ɖe keke Bahurim, hafi Abner na wòtrɔ yi aƒe.


Yudatɔ aɖe nɔ Susa fiasã la me, eŋkɔe nye Mordekai. Fofoae nye Yair, ame si fofoe nye Simei, ame si nye Kis, Benyamintɔ la ƒe vi.


Esi azɔ Mawu lã nye datika, hewɔ fum la, wowɔa nu si dze wo ŋu la le ŋkunye me.


Nye futɔwo le alɔme ɖem le ŋunye ŋkeke blibo la, eye ame siwo tso ɖe ŋunye la tsɔ nye ŋkɔ wɔ ɖiŋudonui.


Woaƒo fi ade ame, ke wò la àyra ame, ne wotso ɖe ŋunye la, ŋu akpe wo, ke wò dɔla ya atso aseye.


Elabena woti ame siwo ŋu nède abii la yome, eye wole nu ƒom le ame siwo nèwɔ nuvevii la ƒe vevesese ŋu.


elabena ɖewohĩ avɔ ma koe nye vuvɔxenu le esi. Aleke wòate ŋu adɔ alɔ̃e ne avɔ la mele esi o? Ne mètrɔ avɔ la nɛ o, eye wòdo ɣli bia nye xɔname la, masee, eye mave enu, elabena amenuvelae menye.


“Mègado vlo wò Mawu o eye mègaƒo fi de wò dukɔ ƒe kplɔlawo o.


Abe ale si atsutsrɔe dzonae alo sagbadrɛ saa agbae ene la, nenemae ɖiŋu si wodo na ame ɖe madzɔmadzɔ dzi la tsia yamee.


Mègado ɖiŋu na fia la le wò susu me ke gɔ̃ hã o; mègaƒo fi de kesinɔtɔ le wò xɔ gã me ke gɔ̃ hã o, elabena xevi sue aɖe agblɔ nu si nègblɔ tso wo ŋu la na wo.


Woate wo ɖe anyi, eye dɔ awu wo. Woatsa tsaglãla le anyigba blibo la dzi, eye le dɔwuame ƒe sesẽ ta la woado dziku, aƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu.


Goliat do ɣli bia David be, “Avue menye hafi nètsɔ kpo ɖe ŋunyea?” Eyɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔwo tsɔ ƒo fi de David.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa