Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 16:21 - Agbenya La

21 Ahitofel ɖo eŋu na Absalom be, “Yi nàdɔ fofowò ƒe ahiãviwo gbɔ elabena egblẽ wo ɖe afi sia be woakpɔ fiasã la dzi. Ekema Israel blibo la anya be, èdo vlo fofowò ale gbegbe be ame aɖeke magate ŋu adzra mia dome ɖo o. Ekema ame sia ame adze yowòme.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Axitofel gblɔ na Absalom bena: Yi fofowò ƒe ahiã, tsiwo wogblẽ ɖe megbe, be woakpɔ aƒea dzi la gbɔ; eye ne Israel blibo la se be, mia kple fofowò dome gblẽ la, ekema ŋusẽ aɖo alɔ me na amesiwo katã le ŋuwò!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 16:21
22 Mawu Ofanana  

Yakob gblɔ na Levi kple Simeon be, “Miena medze agɔ le anyigba sia dzi tɔwo katã, Kanaantɔwo kple Perizitɔwo siaa dzi. Míesɔ gbɔ o, eya ta ne woho aʋa ɖe mía ŋu la, woafiti mí, eye woawu mí katã.”


Esi wònɔ afi ma la, Ruben dɔ kple fofoa ƒe kosi, Bilha, eye ame aɖe fi tofi na Israel. Yakob ƒe viŋutsu wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye:


Ale Yuda gogoe hebiae be wòana yeadɔ egbɔ, ke menya be ye ŋutɔ yeƒe toyɔvie o. Tamar biae be, “Ho neni nàxe nam?”


Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, esime mawu viwo ɖea amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo la, wo viwo zua ame dzɔatsuwo, eye ŋutinya geɖewo nɔ wo ŋu.


Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, wobia aʋawɔla akpe blaeve Aramtɔwo tso Bet Rehobnyigba kple Zobahnyigba dzi kpe ɖe ame akpe ɖeka tso Maaka fia gbɔ kple ame akpe wuieve (12,000) tso Tobnyigba dzi.


“ ‘Meka atam be le nu si nèwɔ ta la, mana wò ŋutɔ wò aƒemetɔwo natso ɖe ŋuwò. Matsɔ srɔ̃wòwo ana ŋutsu bubuwo eye wòadɔ wo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ be ame sia ame nakpɔ.


Yonadab gblɔ nɛ be, “Enyo, magblɔ nu si nàwɔ la na wò. Yi ɖamlɔ anyi eye nàwɔ abe ɖe nèdze dɔ ene. Ne fofowò va be yeakpɔ wò ɖa la, gblɔ nɛ be wòana Tamar nava wɔ nuɖuɖu aɖe na ye. Na wòanya be yeahaya ne Tamar va ɖa nu na ye.”


Ale David kple eƒe aƒemetɔwo dze mɔ enumake; eƒe ahiãvi ewo ko wògble ɖi be woanɔ fiasã la dzi kpɔm.


Absalom trɔ ɖe Ahitofel gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka magawɔ azɔ?”


Husai ɖo eŋu na Absalom be, “Mebu be azɔ ya la, Ahitofel da ƒu.


Azɔ la, mele biabiam tso mia si be esi Saul ku la, mianye nye ame sesẽwo, eye miawɔ nuteƒe nam. Minɔ abe Yuda ƒe viwo, ame siwo tsɔm ɖo woƒe Fia yeye ene.”


Esi wòɖo eƒe fiasã me le Yerusalem la, ede se be woaɖe yeƒe ahiãvi ewo siwo yegblẽ ɖi be woakpɔ fiasã la dzi la ɖe aga, woakpɔ wo dzi le go ɖe sia ɖe me gake yemagadɔ wo gbɔ abe yeƒe ahiãviwo ene o. Ale wotrɔ zu abe ahosiwo ene va se ɖe woƒe kugbe.


Rezon kple Hadad nye Israel ƒe futɔ le Solomo ƒe agbenɔɣi. Ale Rezon ɖu fia le Aram eye wòlé fu Israel kaɖikaɖi.


Eɖo eŋu be, “Ƒo nu na Fia Solomo nam elabena menya be awɔ nu sia nu si nàbiae. Ƒo nu nɛ nam be wòatsɔ Abisag, Sunami nyɔnu la nam maɖe.”


Fia Solomo ɖo ŋu na dadaa be, “Nu ka ta nèle Abisag, Sunami nyɔnu la biam na Adoniya ɖo? Bia fiaɖuƒe la hã na eya kple nunɔla Abiata kple Aʋafia Yoab si nye Zeruya ƒe vi la elabna fonyee.”


alo fofoa srɔ̃ bubuawo dometɔ aɖeke o.


“ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ fofoa srɔ̃ gbɔ la, eɖe fofoa ƒe amama ɖe go. Ele be woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa, elabena woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.


Esi mienye ɖiŋudonu le dukɔwo dome ta la, O! Yuda kple Israel, maɖe mi, eye mianye yayra. Migavɔ̃ o, mido ŋusẽ miaƒe alɔwo.”


Busunya si dzɔ le mia dome lae nye be miele ahasi wɔm. Nya sia ɖi hoo, eye ame sia ame le nu ƒom le eŋu. Nu sia nye busunu ale gbegbe, elabena medzɔna le trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã dome o.


Ale Israel dukɔ la se nyadzɔdzɔ la be: Saul tsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe dzɔlawo eye Israel zu nuɖianu na Filistitɔwo. Ale woyɔ Israel ƒe aʋakɔ blibo la ƒo ƒu ɖe Saul ŋu le Gilgal.


Fia Akis xɔ David dzi se eye wòbu be Israelviwo alé fui azɔ. Fia la bu be, “Azɔ la, atsi afi sia eye wòasubɔm tegbetegbe.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa