Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 16:11 - Agbenya La

11 David gblɔ na Abisai kple eŋumewo be, “Vinye, ame si nye nye ŋutɔ nye ŋutilã la, le agbagba dzem be yeawum, ekema nu ka Benyamintɔ sia mawɔ o? Zi kpi kpɔe wòaƒo fi dem elabena Yehowae ɖoe nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye Dawid gblɔ na Abisai kple eƒe dɔlawo katã bena: Kpɔ ɖa, vinye, si do tso nye ali me la, le nye ku dim; aleke wɔ Benyamintɔ mahadii oa? Mina, ne wòado ɖiŋu ko, elabena Yehowae gblɔe nɛ!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 16:11
14 Mawu Ofanana  

Yehowa gblɔ nɛ be, “Ao, ame bubu aɖeke manyi wò dome o, elabena àdzi ŋutsuvi, ame si anyi wò dome.”


Gake migado dɔmedzoe ɖe mia ɖokuiwo ŋu be yewowɔ nu sia ɖe ŋunye o, elabena Mawue wɔe! Eɖom ɖe afi sia do ŋgɔ na mi, ale be mate ŋu aɖe miaƒe agbe.


Seba nye yakame aɖe eye wòganye Bikri, Benyamintɔ la ƒe vi. Eku kpẽ eye wòdo ɣli be, “Migbugbɔ le David yome! Migadze eyome o, Israel ŋutsuwo, mina míadzo: menye míaƒe fiae o!”


David gblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Nye ya mele sedatifiasã nyui sia me le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la le agbadɔ me.”


Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, Via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe.


eye Yehowa ɖo dɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ Asiria fia ƒe aʋakɔ la kple eƒe asrafomegãwo kple aʋafiawo katã eye Fia Senakerib trɔ yi aƒe kple ŋukpe gã aɖe. Esi wòva ɖo eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, eya ŋutɔ via ŋutsuwo va dzae kple yi ɖe afi ma.


Woaƒo fi ade ame, ke wò la àyra ame, ne wotso ɖe ŋunye la, ŋu akpe wo, ke wò dɔla ya atso aseye.


“ ‘Eye ne woflu nyagblɔɖila la be wòagblɔ nya ɖi la, nye Yehowae aflu nyagblɔɖila ma, makɔ nye asi dzi ɖe eŋu, eye matsrɔ̃e le nye amewo dome le Israel.


Metsɔ ɖoɖo siwo menyo o kple se siwo nu womate ŋu anɔ agbe ɖo o la hã na wo.


“Mele egblɔm na mi be nɔvi ahe nɔvi ade ku me, eye vi fofo ade eya ŋutɔ via asi. Ɖeviwo atsi tsitre ɖe wo dzilawo ŋuti, eye woahe wo ade ku me.


Azɔ la, nye aƒetɔ, fia la nase eƒe subɔla ƒe nyawo. Nenye Yehowae na nètso ɖe ŋunye la, ekema mexɔ nye vɔsa. Ke nenye amegbetɔviwo ƒe ɖoɖoe la, ekema Yehowa ŋutɔ naƒo fi ade wo elabena wonyam dzoe le mía de ale be nyemate ŋu anɔ Yehowa ƒe amewo dome o eye woɖom ɖa be masubɔ mawu bubuwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa