Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 16:1 - Agbenya La

1 Esi David to toa tame yina sẽe ko la, Ziba, ame si nye Mefiboset ƒe aƒedzikpɔla la va tui. Etsɔ abolo alafa eve, waintsetse ƒuƒu ka alafa ɖeka, waintsetse mumu kpo alafa ɖeka kple wain adzafi sue ɖeka ɖe tedzi eve dzi vɛ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Dawid to toa ta me yi ʋee la, kpo ɖa, Mefiboset ƒe dɔla Ziba va kpee, eye tedzi eve, siwo wòbia akpa na, eye wotsɔ abolo bɔbɔ alafa eve, weintsetse ƒuƒu bolo alafa ɖeka kple wein lãgbalẽgolo ɖeka do agba ɖe wo dzi la, kpe ɖe eŋu.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 16:1
17 Mawu Ofanana  

David zɔ mɔ si ɖo ta Amito la dzi henɔ avi fam. Etsyɔ nu ta eye wòɖe afɔ ƒuƒlu abe konyifafa ƒe dzesi ene. Eŋumewo hã tsyɔ nu ta henɔ avi fam le esime wonɔ to la liam.


Esi woɖo teƒe si le toa tame, afi si amewo subɔa Mawu le la, David kpɔ Husai, Arkitɔ la, wònɔ elalam; eƒe awuwo vuvu le eŋu eye ke nɔ tame nɛ.


Ame akpe ɖeka tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eŋu. Ziba, Saul ƒe subɔla kple Ziba ƒe viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve hã nɔ ame siawo dome. Woyi Yɔdan tɔsisi la to be yewoatre afi ma ɖoɖo na fia la.


Azɔ la, Barzilai nye amegãɖeɖi aɖe: exɔ ƒe blaenyi. Ekpɔ fia la dzi le esime wònɔ Mahanaim elabena enye hotsuitɔ gã aɖe ŋutɔ.


Kpuiƒetsolawo kple ame siwo tso didiƒe ke abe Isaka, Zebulon kple Naftali ene la tsɔ nuɖuɖu ɖe tedziwo, kposɔwo kple nyiwo dzi vɛ. Wotsɔ wɔ, akpɔnɔ, waintsetse, wain, ami, nyiwo kple alẽwo vɛ hena kplɔ̃ɖoɖo elabena dzidzɔ yɔ Israel ƒe anyigba blibo la dzi.


Nunana ʋua mɔ na nunala eye wòkplɔnɛ gena ɖe amegã la ƒe ŋkumee.


Nye ŋutɔ manɔ Mizpa, be manɔ mia teƒe le Babiloniatɔ siwo va mia gbɔ la ŋkume. Ke miawo la, mixa wain tsetsewo, dzomeŋɔli ƒe kutsetsewo eye miɖa ami, miazi wo ɖe amigowo me eye minɔ du siwo míexɔ la me.”


wo katã wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi, tso du siwo me wokaka ɖo la heva ƒo ta kpli ɖe Gedalia gbɔ le Mizpa. Woyi ɖaxa waintsetse gbogbo aɖewo kple dzomeŋɔli ƒe kutsetsewo.


Aƒetɔ Yehowa ɖe kusi aɖe si yɔ fũu kple kutsetse ɖiɖiwo la fiam le ŋutega me.


Baba nam! Elabena mele ko abe ame aɖe si le kutsetse dim vevie le ati dzi le esi nuŋeɣi nu va yi vɔ la ene. Elabena nyemekpɔ kutsetse ɖiɖi aɖeke agbe, aɖu, atsɔ atsi nye dɔwuame nu o.


“Hafi nàdo ɖe Tabɔr ƒe logoti gbɔ la, ŋutsu etɔ̃ ava do go wò, ame siwo yina Mawu subɔ ge le Betel. Gbɔ̃vi etɔ̃ anɔ ɖeka si, abolo etɔ̃ anɔ evelia si eye wain go ɖeka anɔ etɔ̃lia si.


Yese meɖo David ɖa asi ƒuƒlu o, ke boŋ eɖo gbɔ̃vi ɖeka hã ɖa kpe ɖe tedzi aɖe si tsɔ nuɖuɖu kple wain hã ŋu.


Abigail ɖe abla enumake, tsɔ abolo alafa eve (200), wain atigo eve, alẽ atɔ̃ siwo wowu la ƒe lã, bli tɔtɔ agba eve, abolo alafa ɖeka si wowɔ kple waintsetse ƒuƒu kple abolo alafa eve siwo wowɔ kple gbotsetse. Etsɔ nu siawo ɖo tedziwo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa