Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 15:27 - Agbenya La

27 Fia la gblɔ na Zadok be, “Kpɔ ɖa, medi be nàtrɔ le ŋutifafa me ayi dua me kple viwò Ahimaaz kple Abiata ƒe vi, Yonatan.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye fia la gblɔ na nunɔla Zadok bena: Wòe nye nukpɔla, gbugbɔ yi dua me le ŋutifafa me, eye mia viwo kple eve nakpe ɖe mia ŋu: viwò Aximaaz kple Yonatan, Abyatar vi.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 15:27
11 Mawu Ofanana  

Ke ne ètrɔ yi dua me eye nègblɔ na Absalom be, ‘O fia, menye fofowò ƒe subɔla tsã, ke azɔ la, manye wò subɔla’ la, ekema àte ŋu akpe ɖe ŋunye to Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo me gbegblẽ me.


Wo viŋutsu eveawo, Ahimaaz, Zadok ƒe vi kple Yonatan, Abiata ƒe vi, le afi ma kpli wo. Gblɔ nu si nàse la na wo be woava gblɔ nam.”


Yonatan kple Ahimaaz nɔ En Rogel ale be amewo makpɔ wo ne woge ɖe dua me alo wodo go le dua me o. Wowɔ ɖoɖo kple nyɔnudɔla aɖe be wòayi aɖagblɔ nya si woagblɔ na David la na wo.


Zadok ƒe vi, Ahimaaz gblɔ be, “Na maƒu du ayi aɖagblɔ dzidzɔnya la na David be Yehowa ɖee tso eƒe futɔ, Absalom ƒe asi me.”


Hafi David nafɔ le ŋdi la, Yehowa ƒe gbe va na Nyagblɔɖila Gad, David ƒe nukpɔla be,


Yoab mekpɔ ɖe nu le nya siawo me hafi Yonatan, nunɔla Abiata ƒe vi, ƒu du va do ɖe wo dzi o. Adoniya gblɔ nɛ be, “Ge ɖe eme elabena ame nyuie nènye. Nya nyui aɖe anya nɔ asiwò kokoko.”


Ahimaaz, ame si ɖe Basemat, Solomo ƒe vinyɔnu bubu la dzɔa nu le Naftali;


(Ame siawo katã nye Heman, fia la ƒe nukpɔla ƒe viŋutsuwo. Wotsɔ wo nɛ to Mawu ƒe ŋugbedodo me be woadoe ɖe dzi. Mawu na ƒe viŋutsu wuiene kple vinyɔnu etɔ̃ Heman.)


ame si dzi Zadok, ame si dzi Ahimaaz,


Ke subɔla la gblɔ nɛ be, “Meɖo ŋku nane dzi! Nyagblɔɖila aɖe le du sia me, ame sia ame bunɛ eye woxɔa edzi sena elabena nya sia nya si wògblɔna la vaa eme. Na míayi aɖadii, ɖewohĩ afia afi si tedziawo le la mí.”


Tsã ne woyina nu bia ge Mawu le Israel la, wogblɔna be, “Mina míayi nukpɔla gbɔ,” elabena ame si woyɔna fifia be nyagblɔɖila, eyae woyɔna tsã be nukpɔla.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa