Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 15:20 - Agbenya La

20 Etsɔ ko nèva! Egbe la, ɖe mana nàtsa tsaglalã kpli mí, le esime nyemenya afi si yim nye ŋutɔ mele oa? Trɔ kple wò amewo. Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ nanɔ kpli mi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Etsɔ nèva, eye egbe ko mana nana tsaglalã tsam kpli mia? Nye la meyina, afisi menya kpɔ ko; mia kple nɔviwòwo migbubɔ, eye amenuveve kple nyateƒe anɔ kpli wò!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 15:20
17 Mawu Ofanana  

eɖo du ɖe wo be, “Yehowa nayra mi le ale si miewɔ nuteƒe na miaƒe aƒetɔ eye mieɖii kple bubu la ta.


Yehowa nave mia nu eye wòatsɔ eƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia kple nyateƒe aɖo eteƒe na mi. Nye hã mave mia nu le nu si miewɔ la ta.


Yehowa ƒe mɔwo katã nye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ na ame siwo léa eƒe nubablamenyawo ɖe asi.


Ŋlɔ nye konyifafa da ɖi; lé nye aɖatsiwo ɖe agbalẽ dzi; ɖe womele wò nyaŋlɔɖiwo me xoxo oa?


Edɔ xɔnametɔ tso dziƒo, eye wòxɔ nam heka mo na ame siwo le yonyeme tim kutɔkutɔe. Sela Mawu dɔ eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nuteƒewɔwɔ ɖa.


Wole tsatsam le nuɖuɖu dim, eye ne womeɖi ƒo o la, wonɔa wòwóm.


Neɖu fia le Mawu ŋkume tegbee, eye na wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nakpɔ eta.


Ekema madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee, eye maxe nye adzɔgbeɖefewo gbe sia gbe.


Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ do go wo nɔewo, eye dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa gbugbɔ nu na wo nɔewo.


Woli wò fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi, eye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ le zɔzɔm le ŋgɔwò.


Ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi la traa mɔ ke ame siwo wɔa ɖoɖo ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu la xɔa lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ƒe teƒeɖoɖo.


Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ megate ɖa le gbɔwò gbeɖe o, tsɔ wo de kɔ eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.


Woatsa tso afii ayi afi mɛ, tso anyiehe ayi ɣedzeƒe, anɔ Yehowa ƒe nya dim be yewoase, gake womakpɔe o.


Se la to Mose dzi va, ke Yesu Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ.


Ale David kple eƒe amewo, abe ame alafa ade ene dzo le Keila eye wonɔ tsatsam le gbedzi. Saul se enumake be David si le Keila eya ta megayi afi ma kura o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa