Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 15:18 - Agbenya La

18 Eƒe amewo kple Keretitɔwo kple Peletitɔwo kple Gititɔ alafa adeawo, ame siwo dze eyome tso Gat la va to eŋu eye wozɔ le fia la ŋgɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eƒe dɔlawo katã le exa le yiyim, eye Kretitɔwo kple Pletitɔwo katã kpakple Gatitɔ alafa ade, siwo katã dze eyome tso Gat la, zɔ fia la ŋgɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 15:18
16 Mawu Ofanana  

Ale fia la dze mɔ, eƒe amewo katã dze eyome eye wotɔ ɖe dua godo.


Akpa ɖeka nɔ Yoab nɔviŋutsu, Abisai, Zeruya ƒe viŋutsu te. Akpa evelia nɔ Itai, Gititɔ la te eye Fia David ɖo be akpa etɔ̃lia nanɔ ye ŋutɔ yeƒe kpɔkplɔ te hafi, gake ameawo gbe nɛ


Yoab nye aʋafia gãtɔ Israelʋakɔ la. Benaya nɔ fia la ŋu dzɔlawo, Keretitɔwo kple Peletitɔwo nu.


Ale Abisai kple Yoab kple ame ɖeka tso Yoab ƒe aʋawɔlawo dome kple fia la ŋutɔ ŋudzɔla dze Seba, Bikri vi la yome.


Nu sia na David ɖo ta me be yemakɔe ayi eɖokui gbɔ le David ƒe Du la me o, eya ta ekɔe yi ɖada ɖe Obed Edom, ame si tso Git la ƒe aƒe me.


Benaya, Yehoiada ƒe vi nɔ Keretitɔwo kple Peletitɔwo, ame siwo nye fiaŋudzɔlawo la nu eye David ƒe viŋutsuwo nye nunɔlawo.


Ale Nunɔla Zadok, Nyagblɔɖila Natan, Benaya kple David ŋu dzɔlawo kplɔ Solomo yi Gihon eye Solomo do Fia David ƒe tedzisɔ.


Benaya, Yehoiada ƒe vi, nɔ Keretitɔwo kple Peletitɔwo, ame siwo nye fia la ŋu dzɔlawo ƒe amegãwo la nu le esime David ƒe viŋutsuwo nye fia la ŋumewo ƒe tatɔwo.


Ale David kple eƒe amewo, abe ame alafa ade ene dzo le Keila eye wonɔ tsatsam le gbedzi. Saul se enumake be David si le Keila eya ta megayi afi ma kura o.


David ŋutɔ tsɔ eƒe yi eye wòɖe gbe na eƒe amewo hã be woatsɔ woƒe yiwo. Ame alafa ene (400) dze mɔ kple David eye ame alafa eve (200) tsi anyi henɔ woƒe nuwo ŋu dzɔm.


David kple eƒe amewo nɔ Gat le fia Akis gbɔ. Ame sia ame kplɔ eƒe aƒemetɔwo ɖe asi eye David hã kplɔ srɔ̃a eveawo: Ahinoam tso Yezreel kple Abigail tso Karmel, ame si nye Nabal ƒe ahosi la ɖe asi.


Esi Saul se be David si yi Gat la, edzudzɔ eyometiti.


Le ŋkeke etɔ̃ megbe esi David kple eƒe amewo ɖo wo nɔƒe le Ziklag du la me la, wokpɔ be Amalekitɔwo va ha du la, tɔ dzoe wòbi keŋkeŋkeŋ


Míede ɖaha Keretitɔwo ƒe dziehe kple Yuda ƒe anyigba kple Kaleb nyigba ƒe dziehe, míetɔ dzo Ziklag du la eye míetrɔ va yina.”


David kple eƒe ame alafa adeawo (600) va ɖo Besor tɔʋu la to, afi si ame aɖewo tsi


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa