Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 15:10 - Agbenya La

10 Ke esi wònɔ afi ma la, eɖo ŋkutsalawo ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe me be woagblɔ na amewo be; “Ne miese kpẽwo ƒe ɖiɖi ko la, mianya be wotsɔ Absalom ɖo fiae le Hebron.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye Absalom dɔ ŋkutsalawo ɖo ɖe Israel-toawo katã me bena: Ne kpẽ ɖi miese la, ekema migblɔ be: Absalom zu fia le Xebron!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 15:10
16 Mawu Ofanana  

Absalom gblɔ na eƒe amewo be, “Milala va se ɖe esime Amnon namu aha, ekema ne mewɔ dzesi aɖe na mi ko la, miawui! Migavɔ̃ o, nyee nye miaƒe aƒetɔ eye esiae nye nye ɖoɖo. Milé dzi ɖe ƒo ne miawɔe!”


Ale Absalom ɖe gbe na eƒe subɔlawo be, “Miyi miatɔ dzo Yoab ƒe lugble si le tɔnye xa” eye woyi ɖatɔ dzoe.


Fia la gblɔ nɛ be, “Enyo; yi nàsa vɔ la le adzɔgbe si nèɖe la nu.” Ale Absalom yi Hebron.


Míesi ami na Absalom abe míaƒe fia ene, ke wowui le aʋa me. Ekema nu ka ta ame aɖeke madze agbagba ana Fia David natrɔ agbɔ o?”


Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, David bia Yehowa be, “Mayi Yuda duawo dometɔ ɖeka mea?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi.” David gabiae be, “Du ka mee mayi?” Yehowa ɖo eŋu be, “Yi Hebron.”


eye wòɖu fia le Hebron ɖe Yuda dzi ƒe adre kple afã.


Le Hebron la, eɖu fia ɖe Yuda dzi ƒe adre kple ɣleti ade eye le Yerusalem la, eɖu fia ɖe Israel kple Yuda dzi ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃.


Nyagblɔɖila Natan yi Batseba, Solomo dada gbɔ eye wòbiae be, “Ènya be Hagit ƒe vi, Adoniya, zu fia azɔ eye míaƒe aƒetɔ David menya naneke tso eŋu oa?


Na Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan nasi ami na Solomo le afi ma abe Israel fia ene. Ekema miaku kpẽ eye miado ɣli be, ‘Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!’


Enumake wotsɔ woƒe awuwo ɖo ɖe atrakpuiawo dzi, woku kpẽ eye wodo ɣli be, “Yehu zu fia!”


Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel dzi abe ale si Yehowa gblɔ na Samuel ene.


Ame geɖewo va kpe ɖe David ŋu le Hebron eye wodi vevie be David naɖu fia ɖe Saul teƒe abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene. Ame siawoe nye:


Ame siawo katã do aʋawɔwu heyi Hebron kple taɖodzinu ɖeka sia be David nazu Israel fia. Le nyateƒe me la, Israel blibo la nɔ klalo be David naɖu fia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa