Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 14:20 - Agbenya La

20 Ewɔ nu sia, ale be yeatsɔ nya la aɖo wò ŋkume to mɔ bubu dzi. Ke wò nye aƒetɔ, ènyaa nu abe mawudɔla ene eye nènya nu sia nu si dzɔna!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Wò dɔla Yoab wɔ nusia, ne wòatsɔ ablu nya la ƒe afɔ; ke nye aƒetɔ ƒe nunya le abe mawudɔla ƒe nunya ene, ne wòanya nusianu, si dzɔna le anyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 14:20
12 Mawu Ofanana  

Mawu nya nyuie be ne mieɖui ko la, miazu abe ye ene, elabena miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianya nyui kple vɔ̃.”


“Ɛ̃, fia la agana eƒe asimeŋutifafa mí. Menya be èle abe mawudɔla ene eye ètea ŋu dzea si nyui tso vɔ̃ gbɔ. Yehowa, wò Mawu, nanɔ kpli wò.”


Ne magbe nyemawɔ fia la ƒe gbe dzi o eye mawu via la, fia la ava nya ame si wu via kokoko eye wòe anye ame gbãtɔ si atsɔ nya ɖe ŋunye.”


Ke Ziba gblẽ nye ŋkɔ gblɔ be, ɖe megbe koŋ be nyemava o. Ke menya be èle abe mawudɔla ene eya ta wɔ nu si nyo na wò.


Ku koe nye kple nye ƒometɔwo katã míakpɔ mɔ na tso gbɔwò hafi, ke le esia teƒe la, ède bubu ŋunye le ame siwo katã ɖua nu kpli wò le kplɔ̃ ŋu la dome! Ekema, nu ka ta malĩ liʋĩliʋĩ?”


Esi David bia Yehowa be nu ka yeawɔ hã la, eɖo eŋu be, “Mègakpe aʋa kpli wo ŋkume kple ŋkume o, ke boŋ to wo megbe eye nàdo ɖe balsamtiawo gbɔ.


Alakpaɖe léa fu ame siwo ŋuti wòle abi demii, eye nu si blea ame la hea gbegblẽ vɛ.


Ame si do fuflugba na ehavi la le ɖɔ ɖom na eya ŋutɔ ƒe afɔ.


Akis metrɔ eƒe tameɖoɖo o. Egagblɔ be, “Le nye ɖeka gome la, èle abe mawudɔla ene, ke nye aʋafiawo le vɔvɔ̃m na wò kpekpe ɖe mía ŋu le aʋawɔwɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa