Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 14:2 - Agbenya La

2 eɖo du ɖe nyɔnu nyanu aɖe si nɔ Tekoa. Esi nyɔnu la va la, Yoab gblɔ nɛ be, “Wɔ abe ɖe nèle konyi fam ene eye nàta funyivɔ. Mègavu ɖa o; wɔ ɖokuiwò abe nyɔnu si le fu nyim ɣeyiɣi didi aɖe ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete Yoab dɔ ame ɖe Tekoa woɖakplɔ nyɔnu dzeaɖaŋua ɖe vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Taflatse, wɔ ɖokuiwò, abe aho wum nèle ene, eye nata ahovɔ, megasi ami o, eye nanɔ abe nyɔnu, si le aho wɔm na ame kuku eteƒe didi ene!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 14:2
17 Mawu Ofanana  

Le esia megbe la, Tamar gade asi eƒe ahovɔ la tata me abe tsã ene.


Esi Batseba se be ye srɔ̃ Uria ku la, efae vevie


David fɔ le anyigba, le tsi, vu ɖa, ɖɔli awu eye wòyi ɖasubɔ le Yehowa ƒe aƒe me. Le esiawo megbe la, etrɔ va fiasã la me, bia be woaɖa nu na ye eye wòɖu nua nyuie.


Ke nyɔnu nyanu aɖe tso dua me yɔ Yoab gblɔ nɛ be, “Va afii, na míaɖo dze.”


Helez tso Palti; Ira, Ikes ƒe vi tso Tekoa;


eye Yeroboam gblɔ na srɔ̃a be, “Yi, nàtrɔ ɖokuiwò ale be womanya be wòe nye Yeroboam srɔ̃ o, emegbe nàyi Silo. Nyagblɔɖila Ahiya le afi ma, ame si gblɔ nam be manye fia ɖe ame siawo dzi.


Ke Yehowa ɖee fia Ahiya bena, fianyɔnu la gbɔna eɖokui trɔ ge abe ame bubu ene eye wòava egbɔ ava bia nyae tso via ŋu elabena via dze dɔ sesĩe. Yehowa gblɔ nu si wòagblɔ na nyɔnu la nɛ.


Du siawoe nye Betlehem, Etam, Tekoa


Yuda ƒe aʋakɔ la ho ŋdi kanyaa yi Tekoa gbegbe. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, Yehosafat tɔ ameawo eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Yuda kple Yerusalemtɔwo. Mixɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se ekema miaɖu dzi! Mixɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se ekema nu sia nu adze edzi na mi!”


Tekoatɔwo kplɔ wo ɖo. Woɖo gli la ƒe akpa si le Mɔ la ƒe Xɔ kɔkɔ la ƒe akpa kemɛ yi ɖatɔ Ofel ƒe gli la.


Ame siwo ɖo gli kplɔ wo ɖo la woe nye, Tekoa ŋutsuwo, gake woƒe bubumewo mede ta dɔ la me le woƒe dzikpɔlawo te o.


wain si doa dzidzɔ na ame ƒe dzi, ami si ana be eƒe mo nanɔ keklẽm kple abolo si alé eƒe dzi ɖe te.


Do awu nyuiwo eye mègana ɖamemi navɔ le wò ta me o.


“Misi yi sitsoƒe, mi Benyaminviwo! Misi tso Yerusalem! Miku kpẽ le Tekoa! Mitu aflaga ɖe Bet Hakerem! Elabena gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ aɖe zɔ tso anyiehe gbɔna.


Esiawoe nye Amos, lãkplɔla siwo tso Tekoa la dometɔ ɖeka ƒe nyawo. Ekpɔ ŋutega tso Israel ŋuti ƒe eve do ŋgɔ na anyigba ƒe ʋuʋu, esime Uzia nɔ fia ɖum le Yuda, eye Yoas ƒe vi, Yeroboam, nɔ fia ɖum le Israel.


Ke ne miawo mietsi nu dɔ la, midzra mia ɖokui ɖo nyuie abe ɖe miele naneke wɔm o ene,


eya ta wɔ ɖe nya si magblɔ na wò la dzi. Le tsi, nàsi amiʋeʋĩ, eye nàta avɔ nyui aɖe ayi lugbɔƒea. Mègana wòakpɔ wò o, va se ɖe esime wòaɖu nu vɔ hafi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa