Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 14:19 - Agbenya La

19 Fia la yi edzi be, “Yoab ye nye ame si dɔ wò ɖe afi sia?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, aleke mate ŋu agblɔ be menye eyae o? Ɛ̃, Yoab ye dɔm ɖa eye wògblɔ nu si magblɔ na wò la nam.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye fia la gblɔ bena: Menye Yoab ƒe asie li kpli wò le nya siawo katã me oa? Nyɔnu la ɖo ŋu gblɔ bena: Meta wò agbe, nye aƒetɔ fia, womate ŋu adze ɖe ɖusi alo mia me le nya, siwo katã nye aƒetɔ fia gblɔ la me o; elabena wò dɔla Yoab ye dɔm, eye wòde nya siawo katã wò dɔlanyɔnu la nu.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 14:19
22 Mawu Ofanana  

Uria ɖo eŋu na David be, “Nubablaɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me. Nye aʋafia Yoab kple nye aƒetɔ ƒe amewo katã le gbedzi. Ɖe nye ya mayi aƒe me, ano wain, aɖu nu eye madɔ srɔ̃nye gbɔa? Meka atam be nyemaɖi fɔ to nu siawo wɔwɔ me o.”


Fia la gblɔ be, “Medi be manya nu ɖeka.” Nyɔnu la biae be, “Nye aƒetɔ, nu kae?”


Ekema nàyi fia la gbɔ eye nàgblɔ nu si magblɔ na wò be nàgblɔ la nɛ.”


Ne magbe nyemawɔ fia la ƒe gbe dzi o eye mawu via la, fia la ava nya ame si wu via kokoko eye wòe anye ame gbãtɔ si atsɔ nya ɖe ŋunye.”


Esi Abner va ɖo Hebron la, Yoab ɖe kpɔe le dua ƒe agbonu abe nya ɣaɣla aɖee wòbe yeagblɔ nɛ ene, ke eɖe adekpui eye wòwui abe hlɔ̃biabiae ɖe nɔvia Asahel, ame si Abner wu la ta ene.


Eƒe ʋu nava Yoab kple fofoa ƒe aƒe la katã ƒe ta dzi. Na be ame si ŋu abi makumaku alo kpodɔ le alo nuwɔamitɔ alo ame si tsi yinu loo alo dɔwuitɔ magbe Yoab ƒe aƒemenɔnɔ gbeɖe o.”


Womebla wò asiwo hafi o. Womede ga wò afɔwo hafi o. Èku abe ale si wokuna le ŋutasẽlawo ƒe asi me ene.” Eye ameawo katã gafa avi nɛ.


Eliya gblɔ na Elisa be, “Nɔ afi sia; Yehowa ɖom ɖe Betel.” Ke Elisa gblɔ be, “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe be nyemagblẽ wò ɖi o.” Ale woyi Betel.


eya ta magblɔ nu si nàgblɔ nɛ la na wò. Makpe ɖe mi ame evea ŋu be miaƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si miagblɔ la na mi.


Enye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe be wòaɣla nya; eye fiawo ƒe bubue nye be woaku nya me.


Mègadze ɖe ɖusime alo miame o, eye ɖe wò afɔ ɖa le vɔ̃ me.


Míeɖe kuku ɖe mɔ na mí míato wò anyigba dzi. Míakpɔ nyuie be míato miaƒe agblewo kple waingblewo me o. Míano tsi tso miaƒe vudowo me hã o. Míanɔ mɔ gã la dzi ko tẽe. Míadzo le mɔ gã la dzi o va se ɖe esime míado go le wò anyigba dzi.”


elabena mana nunya mi, eye made nya siwo katã miagblɔ la nu me na mi, ale be ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe nu siwo miagblɔ la ŋu o.


Ke yayra siawo dometɔ ɖe sia ɖe ku ɖe ale si màɖe asi le se siwo mede na wò la dzi wɔwɔ ŋu le mɔ aɖeke nu o la ŋu. Gawu la, mèkpɔ mɔ asubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o.”


Ale Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be miawɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi, miazɔ ɖe eƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe nu tututu, eye miazɔ le mɔ si wòta na mi la dzi pɛpɛpɛ.


Nu si wòle be nàwɔ koe nye nàsẽ ŋu, nàlé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔ se siwo katã nye dɔla, Mose de na mi la dzi. Migatrɔ le eyome ɖe ɖusime alo miame o, be wòadze edzi na mi le afi sia afi si miayi.


Hana bia Eli be, “Nye aƒetɔ, èɖo ŋku dzinyea? Nyee nye nyɔnu si tsi tsitre ɖe afi sia ɣe aɖe ɣi henɔ gbe dom ɖa na Yehowa.


Esi Saul kpɔ David wòyina aʋa wɔ ge kple Goliat la, ebia Abner, eƒe aʋafia be, “Abner, ame kae nye ɖekakpui sia fofo?” Abner ɖo eŋu be, “O fia, meta wò agbe. Nyemenya o.”


Ke David ka atam hegblɔ be, “Fofowò nyae nyuie be nye nu doa dzidzɔ na wò eye wògblɔ na eɖokui be, ‘Mele be Yonatan nanya esia o. Ne menye nenema o la, ava xa nu.’ Meta Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ ƒe agbe be afɔɖeɖe ɖeka koe le nye kple ku dome.”


Aƒetɔ, zi ale si Yehowa ɖe wò tso amewuwu kple hlɔ̃biabia me ta la, metsɔ Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ wò agbe le kuku ɖem be fiƒode naɖi wò futɔwo katã, abe Nabal ene, ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa