Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 14:14 - Agbenya La

14 Mí katã míele kuku ge, mlɔeba la míaƒe agbe le abe tsi si wotrɔ kɔ ɖe anyigba ene, womagate ŋu aklui o. Ke Mawu ayra wò kple agbe didi wu, ne àto mɔ aɖe nu ana viwò Absalom nagbɔ va aƒe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Elabena ele be, míaku, eye míele abe tsi, si wokɔ ɖe anyigba, eye womagate ŋu aklui o ene; eye Mawu medea amea ɖeke ɖa o, ke boŋ ebua eme kpɔna be, ne maganyã amesi wonyã la ɖa le eɖokui gbɔ o.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 14:14
31 Mawu Ofanana  

David gblɔ nɛ be, “Gblɔ na Yoab be dzi megaɖe le eƒo o; ame sia ame ate ŋu atsi yi nu gbe ɖeka. Miyi aʋa la wɔwɔ dzi sesĩe wu tsã eye miagbã du la. De dzi ƒo nɛ be eyae le dɔ dzi loo!”


“Eya ta meva be magblɔ nya sia na nye aƒetɔ, fia la elabena ameawo le vɔvɔ̃ dom nam. Wò subɔla bu be, ‘Maƒo nu kple fia la kpɔ; ɖewohĩ awɔ nu si eƒe subɔla la abia.


Ke le Solomo ƒe nu vɔ̃ ta la, mahe to na David ƒe dzidzimeviwo, ke menye tegbetegbe o.’ ”


Ne ame ku la, ɖe wòaganɔ agbea? Le nye ɣeyiɣi sesẽwo me hã, manɔ nye yeyewɔwɔ ƒe ŋkeke la lalam.


Menya be àhem ayi ku me, teƒe si woɖo ɖi na kodzogbeawo katã.


amegbetɔwo katã atsrɔ̃ eye ame atrɔ azu anyi.


ame si medea amegãwo dzi o eye mewɔa nyui na kesinɔtɔwo, gblẽa ame dahewo ɖi o, elabena wo katã nye eƒe asinudɔwɔwɔwo oa?


Woƒom ɖe anyi abe tsi ene, eye nye ƒuwo katã gli le woƒe kpeƒewo. Nye dzi lolõ ɖe dɔ me nam gbanaa hesi to menye.


Ŋusẽ vɔ le ŋunye abe ze gbagbã ene, eye nye aɖe lé ɖe nye nu me, elabena ètsɔm mlɔ ku ƒe ʋuʋudedi me.


Wo nu neyi abe tsi si si va yi la ene. Ne wovu woƒe dawo me la, woƒe aŋutrɔwo nu netsi.


Ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la vɔ tegbetegbea? Ɖe eƒe ŋugbedodo vɔ hena ɣeyiɣiawo katã?


Wokɔ woƒe ʋu ɖi abe tsi ene ƒo xlã Yerusalem, eye ame aɖeke meli aɖi ame kukuawo o.


Míaƒe agbemeŋkekewo le ƒe blaadre, alo blaenyi, gake ne ŋusẽ gale mía ŋutie nye ema, elabena woƒe didi nye fuɖename kple aɖukliɖuɖu; wo nu va yi kaba, eye míedzo.


Ènana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna be, “O! Amegbetɔviwo, mitrɔ zu kewɔ.”


Ke ne amea meɖo be yeawu ame o, gake Mawu ɖe mɔ wòva eme la, ekema mafia teƒe aɖe wòasi ayi, eye wòakpɔ sitsoƒe.


Elabena agbagbeawo nya nu ɖeka sia be yewole kuku ge ke kukuawo ya menya naneke o eye womeɖoa ŋku naneke dzi hã o.


Elabena Aƒetɔ la metsɔa ame ƒua gbe ɖikaa o


Ɖe mekpɔa dzidzɔ le ame vɔ̃ɖi ƒe ku ŋutia? Ke boŋ ɖe nyemekpɔa dzidzɔ ne wotrɔ tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi henɔ agbe nyui oa?” Nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ.


“Ke ne woaʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo kple wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo me, woƒe tsitretsitsi ɖe ŋunye kple woƒe fulélem si


Du siawo manye sitsoƒewo na Israelviwo ɖeɖe ko o, ke boŋ na amedzrowo kple mɔzɔlawo hã.


Ne wotso nya me be nyadzɔɖeamedzi koe la, ekema ʋɔnudrɔ̃lawo axɔ na hlɔ̃dola la tso hlɔ̃biala la ƒe asi me. Woaɖe mɔ na hlɔ̃dola la wòanɔ Sitsoƒedu la me, eye wòanɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã la naku.


elabena ɖe wòle be hlɔ̃dola la nanɔ sitsoƒedu la me va se ɖe esime nunɔlagã la naku hafi. Ke le nunɔlagã la ƒe ku megbe la, hlɔ̃dola la ate ŋu atrɔ ayi wo de.


Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kpe ɖe Herod dunyahelawo ŋu, eye wobiae be, “Nufiala, míenyae be ame si de blibo lae nènye, eye nèfiaa Mawu ƒe mɔ le nyateƒe la nu. Amewo ƒe nyagbɔgblɔ meblea nuwò o, elabena mètsɔa ɖeke le nu si wonye la me o.


Petro ɖo eŋu gblɔ be, “Eme kɔ nam ƒãa azɔ be nyateƒee Mawu mekpɔa ame ŋkume o,


Elabena Mawu medea vovototo amewo me o.


“Yehowa, miaƒe Mawu lae nye mawuwo dzi Mawu gã, ŋusẽtɔ la, Mawu si ŋu ŋɔdzi le, ame si medea ame aɖeke dzi o, eye mexɔa zãnu hã o.


Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la,


Esi mieyɔa Fofo si drɔ̃a ʋɔnu ame sia ame ƒe dɔ ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe la, minɔ agbe abe amedzrowo ene le afi sia le vɔvɔ̃ kɔkɔe me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa