Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 14:11 - Agbenya La

11 Nyɔnu la gblɔ na David be, “Meɖe kuku, tsɔ Yehowa, wò Mawu, ka atam nam be, yemaɖe mɔ ame aɖeke nawɔ nuvevi vinye la o. Nyemedi be woagakɔ ʋu bubu aɖeke ɖi o.” David ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa ka atam na wò bena ame aɖeke manyɔ viwò la ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã o!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Nyɔnu la gblɔ be: Taflatse, fia la neɖo ŋku Yehowa, eƒe Mawu dzi, ne hlɔ̃biala magagblẽ nu ɖe dzi, eye wòatsrɔ̃ vinyeŋutsu ɖa o! Tete wògblɔ be: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne viwò ƒe ɖa ɖeka age ɖe anyigba fi!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 14:11
18 Mawu Ofanana  

Abram ɖo eŋu nɛ be, “Mele adzɔgbe ɖem na Yehowa, Mawu Dziƒoʋĩtɔ, ame si wɔ dziƒo kple anyigba la


Kpe ɖe esia ŋu la, ne èwɔ fu vinyewo alo ègaɖe srɔ̃ bubuwo la, nyemanya o, gake Mawu ya akpɔe.”


Fia la yi edzi be, “Mègatsi dzi le akpa ma ŋu o. Ne ame aɖe melɔ̃ ɖe edzi o la, kplɔe vɛ nam. Meka ɖe edzi na wò be magagblɔ nya aɖeke o!”


Nyɔnu la yi edzi be “Meɖe kuku, na magabia nu ɖeka wò, nye aƒetɔ fia la!” David gblɔ nɛ be, “Bia faa!”


Ale David yɔ Yoab eye wògblɔ nɛ be, “Enyo, yi nàkplɔ Absalom vɛ.”


Fia Solomo gblɔ be, “Ne elé eɖokui nyuie la, ame aɖeke mawɔ nuvevi aɖekee o, ke ne melé eɖokui nyuie o la, aku.”


Ne mieta nu be ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ le nyateƒe, kakaɖedzi kple dzɔdzɔenyenye me la, ekema ayra dukɔwo eye le eya amea mee woaƒo adegbe le.”


Hlɔ̃biala la nawu hlɔ̃dola la ne edo goe.


alo tu kɔe kple dɔmedzoe wòku la, edo hlɔ̃. Hlɔ̃biala nawu hlɔ̃dola la.


eye hlɔ̃biala la kpɔe le du la godo hewui la, ekema hlɔ̃biala la medo hlɔ̃ o,


Miaƒe taɖa katã gɔ̃ hã ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu,


eya ta meɖe kuku na mi, miɖe dzi ɖi ne miaɖu nu, elabena naneke mele dzɔdzɔ ge ɖe mía dometɔ aɖeke dzi o.”


Ke aʋawɔlawo ɖo eŋu be, “Yonatan, ame si ɖe Israel egbea nakua? Gbeɖe! Míeka atam kple Mawu ƒe agbe be ame aɖeke maka asi Yonatan ƒe taɖa ɖeka pɛ gɔ̃ hã ŋu o elabena Mawu wɔ eŋu dɔ hewɔ nukunu triakɔ aɖe egbe.” Ale ameawo xɔ na Yonatan.


Mlɔeba la, Yonatan gblɔ na David be, “Lé dzi ɖe ƒo elabena míetsɔ mía nɔewo kple mía nɔewo ƒe viwo de asi na Mawu tegbetegbe.” Ale woklã. David dzo eye Yonatan hã trɔ yi dua me.


Saul tsɔ Yehowa ka atam nɛ be, “Meta Yehowa ƒe agbe be womahe to na wò ɖe nu sia ta o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa