Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 13:4 - Agbenya La

4 Gbe ɖeka la, Yonadab bia Amnon be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta wò, fiavi, nàlé blanui ale ŋdi sia ŋdi?” Amnon gblɔ nɛ be, “Tamar, nɔvinye nyɔnu, ame si dzɔ ɖe Absalom yome la ƒe vi la ƒe nu lé dzi nam.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wògblɔ nɛ bena: Fia vi, nukaŋuti nèle ku ɖim gbesiagbe ale? Màgblɔe nam oa? Tete Amnon gblɔ nɛ bena: Absalom nɔvinyɔnu Tamar ƒe nue lé dzi nam.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 13:4
11 Mawu Ofanana  

Xɔlɔ̃ dzeaye aɖe nɔ Amnon si; eŋkɔe nye Yonadab, ame si nye David nɔviŋutsu, Simea ƒe vi.


Yonadab gblɔ nɛ be, “Enyo, magblɔ nu si nàwɔ la na wò. Yi ɖamlɔ anyi eye nàwɔ abe ɖe nèdze dɔ ene. Ne fofowò va be yeakpɔ wò ɖa la, gblɔ nɛ be wòana Tamar nava wɔ nuɖuɖu aɖe na ye. Na wòanya be yeahaya ne Tamar va ɖa nu na ye.”


Srɔ̃a, Yezebel biae be, “Nya kae dzɔ ɖe dziwò? Nu kae na nètɔtɔ eye nèdo dɔmedzoe ale?”


Yezebel biae be, “Wòe nye Israel fia loo alo menye wòe o? Fɔ, nàɖu nu, mègatsi dzimaɖeɖi le nya sia ŋu kura o. Maxɔ Nabɔt ƒe waingble la na wò bɔbɔe!”


Woɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖe go abe Sodom ene, eye womeɣla wo o. Baba na wo! Wohe gbegblẽ va wo ɖokuiwo dzi.


Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la le ŋu kpem na woa? Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o eye womenya ale si woƒe mo natsi dãae gɔ̃ hã o. Eya ta woatsi aʋatsilawo dome. Ne mele to hem na wo la, woaƒo wo aƒu anyi.” Yehowae gblɔe.


“ ‘Gawu la, mekpɔ mɔ aɖe nɔvia nyɔnu, dadaa ƒe vinyɔnu alo fofoa ƒe vinyɔnu ne wodzi wo le aƒe ɖeka me loo alo le teƒe bubuwo o.


“ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia nyɔnu, eɖanye fofoa ƒe vinyɔnu alo dadaa ƒe vinyɔnu ŋu la, enye ŋukpenanu, eye ele be woatsrɔ̃ wo ame eve la ɖa tso Israelviwo dome. Fɔɖiɖi la anɔ ŋutsu la dzi.


Woƒe asi eveawo bi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me. Dziɖula xɔa zãnu eye ʋɔnudrɔ̃la tsoa afia na ame si na zãnue. Kesinɔtɔwo ɖoa nu si dim wole; ale ame siawo blaa nu ɖekae hewɔna.


Eya ta migavɔ̃ o, mi alẽha sue sia, elabena edzɔ dzi na mia Fofo si le dziƒo la ŋutɔ be wòatsɔ fiaɖuƒe la na mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa