Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 13:22 - Agbenya La

22 Absalom lé fu Amnon le esi wògblẽ nɔvia, Tamar ta ale gbegbe be megaƒoa nu kplii gɔ̃ hã o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke Absalom megblɔ nya vɔ̃ alo nyuia ɖeke na Amnon o; elabena Absalom lé fu Amnon, le esi wogblẽ nɔvianyɔnu Tamar ta.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 13:22
19 Mawu Ofanana  

Laban kple Betuel ɖo eŋu be, “Eme kɔ ƒãa be Yehowa ŋutɔe kplɔ wò va afi siae, eya ta nya aɖeke mele mía si o.


Gbe ma gbe la, Mawu ɖe eɖokui fia Laban Arameatɔ le drɔ̃e me, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ nyuie le nu si nàgblɔ na Yakob la ŋuti. Mègayrae o, eye mègaƒo fi dee hã o.”


Mate ŋu awɔ nuvevi wò hafi, gake fofowò ƒe Mawu la ɖe eɖokui fiam le zã si va yi la me, eye wògblɔ nam be, ‘Kpɔ nyuie be màklẽ ŋku ade Yakob o.’


Esi Fia David se nya si dzɔ la, edo dɔmedzoe ŋutɔ.


Ame si ɣla fuléle ɖe eƒe dzi me la, alakpanuyi le esi eye ame si nɔa ame ŋu gblẽm la, bometsilae.


Ne èle nya hem kple hawòvi la, mègaʋu go ame bubu ƒe nya ɣaɣla o,


Ame baɖa tsɔa eƒe nuyi trɔa eɖokui bubue, gake eɣlaa beble ɖe eƒe dzi me.


Eƒe susu baɖa aɣla ɖe beble megbe, gake woaʋu go eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le amehawo dome.


Mègado dɔmedzoe kabakaba o, elabena dɔmedzoedodo kabakaba nana ame zua bometsila.


“Nenye be nɔviwò aɖe dze agɔ le dziwò la, yi egbɔ dzaa ne nàɖe nu si wòwɔ la fiae. Nenye be ese eɖokui gɔme, eye wòɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò sia ƒe agbe.


Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o.


Miɖe asi le dɔmedzoedodo helĩhelĩ, dziku, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ, fuléle kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu.


Gake ne ame aɖe lé fu nɔvia la, ekema ame sia le viviti me, eye wòzɔna le viviti me, eye menya afi si wòɖo tae o, elabena viviti la tsyɔ mo nɛ.


Ne ame aɖe agblɔ be yele kekeli la me, gake wòléa fu nɔvia la, ekema ame sia gale viviti me kokoko.


To esia me míedea vovototo Mawu viwo kple Abosam ƒe viwo dome. Ame si mewɔa nu si le eteƒe o la menye Mawu vi o. Nenema ke ame si melɔ̃a nɔvia o la menye Mawu vi o.


Miganɔ abe Kain ene o. Le esi wònye Abosam ƒe ame ta la, ewu nɔvia. Nu ka ta wòwu nɔvia? Elabena, eƒe wɔnawo vɔ̃ɖi, ke nɔvia ƒe wɔnawo le dzɔdzɔe.


Ame si ke léa fu nɔvia la nye amewula, eye ele nyanya me na mi be agbe mavɔ meli na amewula aɖeke o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa