Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 12:16 - Agbenya La

16 David ɖe kuku na Mawu be wòana ɖevi la natsi agbe, egbe nuɖuɖu eye wòmlɔ anyigba ƒuƒlu le Yehowa ŋkume to zã blibo la me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke Dawid ƒo koko na Mawu le ɖevi la ta, eye Dawid tsi nu da, eye wòtsi anyigba da.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 12:16
17 Mawu Ofanana  

Natan trɔ yi aƒe me. Yehowa na Uria srɔ̃ ƒe vidzĩ si wòdzi na David la dze dɔ kutɔkutɔe.


David ɖo eŋu be, “Metsi nu dɔ eye mefa avi esi ɖevia nɔ agbe elabena megblɔ be, ‘Ɖewohĩ Yehowa ave nunye eye wòana ɖevia natsi agbe.’


Fia la tsi tsitre, dze eƒe awuwo eye wòmlɔ anyigba, le konyifafa me, eŋumewo hã dze woƒe awuwo le ŋɔdzi kple konyifafa ta.


Esi Ahab se nya siawo la, edze eƒe awuwo heta akpanya eye wotsi nu dɔ. Enɔ akpanya me henɔ yiyim nublanuitɔe.


Esi mese nya siawo la, menɔ anyi, eye mefa avi. Le nyateƒe me la, metsi nu dɔ ŋkeke geɖewo, eye mewɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ hedo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la be,


“Yi nàƒo Yudatɔ siwo katã le Susa la nu ƒu, eye miatsi nu dɔ ɖe tanye, migaɖu nu alo miano nu o, ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. Nye kple nye subɔlawo hã míawɔ nenema ke. Ekema, togbɔ be wode se sesẽ aɖe ɖe eŋu hã la, mayi aɖakpɔ fia la kpɔ. Ne meku la, maku faa!”


Miyɔm le xaxagbe, maɖe mi, eye miade bubu ŋutinye.”


Esi mefa avi, tsi nu dɔ la, vlododo boŋ wozu nam;


Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, di tso mia si le ŋkeke ma dzi be, miafa avi, afa konyi, alũ ta kolikoli.


Esi nèhe to na wo, eye womagate ŋu akɔ gbe dzi ado gbe ɖa o la, Yehowa, wova gbɔwò le woƒe xaxa la me.


Tete fia la trɔ yi eƒe fiasã me. Meɖu nu fiẽ ma o eye womewɔ dzidzɔdonamenu aɖeke hã nɛ o. Mete ŋu dɔ alɔ̃ o.


Ale metrɔ ɖe Yehowa, nye Mawu ŋu eye meƒo koko nɛ to gbedodoɖa, kukuɖeɖe, nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔsisi me.


Ɖewohĩ, Mawu ate ŋu aɖo be míatsi agbe, eye wòaɖo asi eƒe dziku helĩhelĩ la dzi be wòagatsrɔ̃ mí o.”


Enɔ dua me ŋkeke etɔ̃ numaɖumaɖu kple tsimanomanoe.


Yosua kple Israel ƒe ametsitsiwo dze woƒe awuwo; wotsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me abe konyifafa ƒe dzesi ene va se ɖe fiẽ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa