Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 12:15 - Agbenya La

15 Natan trɔ yi aƒe me. Yehowa na Uria srɔ̃ ƒe vidzĩ si wòdzi na David la dze dɔ kutɔkutɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Emegbe Natan yi aƒe me. Eye Yehowa ɖe fu na ɖevi, si Uriya srɔ̃ dzi na Dawid la, eye wòle ɖa lém vevie.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 12:15
9 Mawu Ofanana  

gake èna mɔnukpɔkpɔ gã aɖe Yehowa ƒe futɔwo be woado vlo Yehowa eye woagblɔ busunyawo ɖe eŋu eya ta viwò la aku.”


David ɖe kuku na Mawu be wòana ɖevi la natsi agbe, egbe nuɖuɖu eye wòmlɔ anyigba ƒuƒlu le Yehowa ŋkume to zã blibo la me.


Le esia ta la, Yehowa na wòdze kpodɔ va se ɖe eƒe kugbe. Woɖe kpɔ eya ɖeka da ɖe aƒe aɖe me ale via Yotam wɔ dɔ ɖe eteƒe abe fiateƒenɔla ene.


Israel fia, Yeroboam megakpɔ ŋusẽ kpɔ le Abiya ƒe agbenɔɣi o eye mlɔeba la, Yehowa ƒoe ƒu anyi, wòku.


Ke ne èɣla wò mo la, ŋɔdzi léa wo, eye ne èxɔ woƒe gbɔgbɔ le wo si la, wokuna, trɔna zua kewɔ.


Enumake, mawudɔla aɖe ƒo Herodes ƒu anyi, elabena metsɔ kafukafu na Mawu o. Ŋɔviwo ɖui, eye wòku.


Miekpɔ be nye koe nye Mawu oa? Mewua ame, eye menaa agbe ame. Medea abi ame ŋu, eye mewua abi. Ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre Ɖe nu si mewɔ la ŋu o.


Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa na Nabal ku.


Gbe ɖeka la, Yehowa ŋutɔ ana wòaku kokoko, aku le aʋa me loo alo tsitsi ana wòaku.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa