Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 11:8 - Agbenya La

8 Emegbe la, David gblɔ na Uria be wòayi aɖagbɔ ɖe eme le eƒe aƒe me eye wòɖo nunana aɖe ɖee.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Dawid gagblɔ na Uriya bena: Yi aƒewò me, ne naklɔ afɔ! Tete Uriya do le fia ƒe me, eye fia ƒe nunana dze eyome.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 11:8
11 Mawu Ofanana  

Mina woaku tsi vi aɖe vɛ miaklɔ afɔe, eye miaɖi ɖe eme sẽe le ati sia te,


Egblɔ na wo be, “Nye amegãwo, miva dze gbɔnye le zã sia me, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu. Miate ŋu ayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi etsɔ ŋdi kanya.” Wogblɔ be, “Ao, akpe na wò, míadzudzɔ le ablɔ dzi le afi sia ko.”


Azɔ wokplɔ wo yi Yosef gbɔ le fiasã la me. Wona tsi wo be woaklɔ afɔ, eye wona nuɖuɖu woƒe tedziwo.


Ena woka nuɖuɖu na wo tso eya ŋutɔ ƒe kplɔ̃ dzi. Ena wona nuɖuɖu Benyamin wòsɔ gbɔ zi atɔ̃ wu ame bubuawo tɔ. Emegbe la, wona aha wo wono. Dzi dzɔ wo ŋutɔ.


Ame sia ame kaa aʋatso na ehavi, eye wovivia nu me, elabena woƒe nuyiwo blea ame.


ɖe Mawu manya esi wònya dzimenu ɣaɣlawo katã oa?


Eƒe nuƒo zrɔ̃ dredredre abe notsi kpekpe ene, evɔ aʋawɔwɔ le eƒe dzi me; eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami, gake wonye yi siwo woɖe le aku me lé ɖe asi.


Baba na ame siwo wɔa nu si woate ŋui be woaɣla woƒe aɖaŋudedewo ɖe Yehowa; ame siwo wɔa woƒe dɔwo le viviti me hegblɔna be, “Ame kae kpɔ mi? Ame kae anya?”


Ava dze go abe ale si nuʋãnu nana be abolomɔ hona ɖe dzi hlodzoo ene.


Azɔ Yesu trɔ ɖe nyɔnu la ŋu, eye wògblɔ na Simɔn be, “Èle nyɔnu sia kpɔma? Esi meva aƒewò me la, mèna tsim be maklɔ ɖi le nye afɔwo ŋu o, ke nyɔnu sia klɔ wo kple eƒe aɖatsiwo, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu woe.


Naneke mele nuwɔwɔ blibo la me si le ɣaɣla ɖe Mawu o. Woklo nu le nu sia nu dzi, eye wòle ƒeƒle le Mawu, ame si míava na akɔntae la ƒe ŋkume.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa