Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 11:11 - Agbenya La

11 Uria ɖo eŋu na David be, “Nubablaɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me. Nye aʋafia Yoab kple nye aƒetɔ ƒe amewo katã le gbedzi. Ɖe nye ya mayi aƒe me, ano wain, aɖu nu eye madɔ srɔ̃nye gbɔa? Meka atam be nyemaɖi fɔ to nu siawo wɔwɔ me o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Uriya ɖo ŋu na Dawid bena: Aɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me, nye aƒetɔ Yoab kple nye aƒetɔ ƒe dolawo ƒu asaɖa anyi ɖe tagba, eye nyea mayi aƒenye me, aɖu nu, ano nu ahadɔ srɔ̃nye gbɔa? Meta wò amea kple wò agbe siaa, ne mawɔ nusia fi!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 11:11
19 Mawu Ofanana  

Esi David se nu si Uria wɔ la, eyɔe hebiae be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta mèyi srɔ̃wò gbɔ le wò aƒe me etsɔ fiẽ esi nèdzo le aƒe me eteƒe didi alea o?”


Fia la yi edzi be, “Yoab ye nye ame si dɔ wò ɖe afi sia?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ fia, aleke mate ŋu agblɔ be menye eyae o? Ɛ̃, Yoab ye dɔm ɖa eye wògblɔ nu si magblɔ na wò la nam.


David gblɔ na Abisai be, “Azɔ Seba, Bikri vi awɔ nuvevi mí wu nu si Absalom wɔ. Netsɔ! Wò kple nye dɔlawo miti eyome hafi wòaɖo du aɖe si woɖo gli ƒo xlãe la me eye míaƒe asi magate ŋu asu edzi o.”


David gblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Nye ya mele sedatifiasã nyui sia me le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la le agbadɔ me.”


Nyemenɔ xɔ aɖeke me kpɔ o, tso esime mekplɔ mi Israelviwo tso Egipte la, agbadɔ me koe nye nye nɔƒe.


Mose bia wo be, “Ɖe miedi be yewoatsi afi sia ne mia nɔviwo ya natso tɔsisi la, eye woawo ɖeɖe nayi aɖawɔ aʋa kple afi ma tɔwoa?


Minya be esi nye, miaƒe Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ miaƒe afɔwo ŋu la, ele na miawo hã be miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo.


Ne míekpe fu kplii la, míaɖu dzi hã kpakplii; Ne míegbe nu le egbɔ la, Eya hã agbe nu le mía gbɔ.


Hana bia Eli be, “Nye aƒetɔ, èɖo ŋku dzinyea? Nyee nye nyɔnu si tsi tsitre ɖe afi sia ɣe aɖe ɣi henɔ gbe dom ɖa na Yehowa.


Saul do ɣli gblɔ na Ahiya be, “Mitsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la vɛ!” nubablaɖaka la nɔ Israelviwo dome ɣe ma ɣi.


Esi Saul kpɔ David wòyina aʋa wɔ ge kple Goliat la, ebia Abner, eƒe aʋafia be, “Abner, ame kae nye ɖekakpui sia fofo?” Abner ɖo eŋu be, “O fia, meta wò agbe. Nyemenya o.”


Ke David ka atam hegblɔ be, “Fofowò nyae nyuie be nye nu doa dzidzɔ na wò eye wògblɔ na eɖokui be, ‘Mele be Yonatan nanya esia o. Ne menye nenema o la, ava xa nu.’ Meta Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ ƒe agbe be afɔɖeɖe ɖeka koe le nye kple ku dome.”


Aƒetɔ, zi ale si Yehowa ɖe wò tso amewuwu kple hlɔ̃biabia me ta la, metsɔ Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ wò agbe le kuku ɖem be fiƒode naɖi wò futɔwo katã, abe Nabal ene, ŋu.


Ale wona woyi ɖatsɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka vɛ, Yehowa nɔ anyi ɖe nubablaɖaka sia ƒe Kerubiwo tame. Hofni kple Finehas, Eli viŋutsu eveawo, kplɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo yi aʋagbedzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa