Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 10:6 - Agbenya La

6 Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, wobia aʋawɔla akpe blaeve Aramtɔwo tso Bet Rehobnyigba kple Zobahnyigba dzi kpe ɖe ame akpe ɖeka tso Maaka fia gbɔ kple ame akpe wuieve (12,000) tso Tobnyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke esi Amon-viwo kpo be, yewozu Dawid ƒe ketɔwo la, Amon-viwo dɔ woɖatsɔ aʋa Aramtɔwo le Bet-Rexob kple Aramtɔwo le Zoba, wole afɔzɔla akpe blave, kple Maaxa-fia ame akpe ɖeka kpakple Istobtɔwo ame akpe wuieve.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 10:6
24 Mawu Ofanana  

Yakob gblɔ na Levi kple Simeon be, “Miena medze agɔ le anyigba sia dzi tɔwo katã, Kanaantɔwo kple Perizitɔwo siaa dzi. Míesɔ gbɔ o, eya ta ne woho aʋa ɖe mía ŋu la, woafiti mí, eye woawu mí katã.”


Esi David se nya sia la, edɔ amewo woɖakpe ŋutsuawo kple gbedeasi be woatsi Yeriko va se ɖe esime woƒe ge nato elabena wodo ŋukpe wo ŋutɔ.


Esi David se nya sia la, eɖo Yoab kple aʋakɔ blibo la ɖa.


Ahitofel ɖo eŋu na Absalom be, “Yi nàdɔ fofowò ƒe ahiãviwo gbɔ elabena egblẽ wo ɖe afi sia be woakpɔ fiasã la dzi. Ekema Israel blibo la anya be, èdo vlo fofowò ale gbegbe be ame aɖeke magate ŋu adzra mia dome ɖo o. Ekema ame sia ame adze yowòme.”


Elifelet, Ahasbai ƒe vi, tso Maka; Eliam, Ahitofel ƒe vi, tso Giloh;


tso Edom kple Moab, Amonitɔwo kple Filistitɔwo kple Amalekitɔwo gbɔ ene. Ekɔ nu siwo wòha tso Hadadezer, Rehob ƒe vi, Zoba fia hã gbɔ la ŋu na Yehowa.


Eɖu Zoba fia Hadadezer, Rehob ƒe vi dzi le esime wòva be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat tɔsisi la to.


Esi Aramtɔwo tso Damasko va be yewoakpe ɖe Zoba fia Hadadezer ŋu la, David wu wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-eve (22,000).


Esi Fia David gbã Zoba dua la, Rezɔn si kple ame aɖewo yi Damasko, ame siawo va zu adzoha aɖe eye Rezɔn nye woƒe kplɔla. Emegbe la, Rezɔn va zu fia le Damasko.


elabena Aƒetɔ la na Aramtɔwo se tasiaɖamwo, sɔwo kple asrafowo ƒe ha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Kpɔ ɖa, Israel fia yi ɖatsɔ aʋa Hititɔwo kple Egiptetɔwo be woava dze mía dzi!”


Fiawo ƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu, hezɔ ɖe edzi ɖekae,


wogblɔ na Mose kple Aron be, “Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu mi be miena míeɖi nu ʋeʋĩwo le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye be miena mɔnukpɔkpɔ wo be woawu mí.”


mègatsɔ dzitsitsi ahee va ʋɔnui o elabena nu ka nàwɔ le nuwuwua ne hawòvi la do ŋukpe wò?


wova Gedalia gbɔ le Mizpa. Ameawoe nye Ismael, Netania ƒe vi; Yohanan kple Yonatan, Karea ƒe viŋutsuwo; Seraya, Tanhumet ƒe vi; Efai Netofatitɔ viŋutsuwo kple Yazania, Makatitɔ ƒe vi kple wo ŋutimewo.


Asrafo siwo wotsɔ aʋae la le abe nyivi damiwo ene. Woawo hã atrɔ megbe asi adzo, womate ŋu anɔ te o, elabena woƒe gbegblẽ gbɔna eye woƒe tohegbe va ɖo.


Manase ƒe hlɔ̃ si woyɔna be Yair la xɔ Argob nuto me blibo la, si nye Basan va se ɖe Gesuritɔwo kple Makatitɔwo ƒe liƒowo dzi. Wotsɔ woawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔ na anyigba la be Havɔt Yair si gɔmee nye “Yair ƒe Kɔƒewo” abe ale si wogayɔa wo egbegbe ene.


Ale Yefta si tso fofoa ƒe aƒe me yi Tobnyigba dzi. Eƒo gbevu aɖewo nu ƒu ɖe eɖokui ŋu eye wokplɔnɛ ɖo ɣe sia ɣi.


Gilead ƒe kplɔlawo ɖo du ɖe Yefta


Kpeɖeŋutɔ aɖeke menɔ anyi axɔ na wo o elabena woƒe teƒea didi tso Sidon gbɔ eye womedo ka kple ame bubu aɖekewo hã o. Du la nɔ balime si te ɖe Bet Rehob ŋu. Dan ƒe to la gbugbɔ du la tu nyuie eye wònɔ afi ma.


Ale Israel dukɔ la se nyadzɔdzɔ la be: Saul tsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe dzɔlawo eye Israel zu nuɖianu na Filistitɔwo. Ale woyɔ Israel ƒe aʋakɔ blibo la ƒo ƒu ɖe Saul ŋu le Gilgal.


Fia Akis xɔ David dzi se eye wòbu be Israelviwo alé fui azɔ. Fia la bu be, “Azɔ la, atsi afi sia eye wòasubɔm tegbetegbe.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa