Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 10:3 - Agbenya La

3 Amonitɔwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe kplɔla Hanun be, “Ɖe nèbu be David le bubu dem ye fofo ŋu to ame siawo dɔdɔ ɖe gbɔwò be woado babaa na wò mea? Menye ɖe David dɔ ame siawo be woava tsa ŋku le anyigba la dzi eye yewoaho aʋa ɖe eŋu oa?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Amon-viwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe aƒetɔ Xanun bena: Ɖe Dawid dɔ akɔfalawo ɖa, be woaɖe bubu fofowò ŋu na wò loo? Alo menye ɖe Dawid da eƒe dolawo ɖe gbɔwò, be woadzro dua me, eye woatsa ŋku le eme ahagblẽe oa?

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 10:3
6 Mawu Ofanana  

Mia dometɔ ɖeka neyi wòakplɔ mia nɔvia vɛ! Made mi ame mamlɛawo gaxɔ me. Ekema míanya ne miaƒe nya la nye nyateƒe alo aʋatso. Ne eva eme be nɔviŋutsu suetɔ aɖeke mele mia si o la, ekema manya be ŋkutsalawoe mienye.”


Tete wòɖo ŋku eƒe drɔ̃e siwo wòku tso wo ŋu la dzi, eye wògblɔ na wo be, “Ŋkutsalawoe mienye! Ɖe mieva be yewoakpɔ afi si toƒe le le anyigba la ŋu.”


Ènya Abner, Ner ƒe vi, nyuie; ɖe wòva be yeable wò, yealé ŋku ɖe wò afɔɖeɖewo ŋu eye yeanya nu sia nu si wɔm nèle.”


Amonitɔwo ƒe amegãwo gblɔ na Hanun be, “Ɖe nèbu be David le bubu dem ye fofo ŋu to ame siawo dɔdɔ ɖe gbɔwò be woado babaa na wò mea? Menye ɖe ame siawo va be yewoatsa ŋku le anyigba la dzi eye yewoaho aʋa ɖe eŋu oa?”


Lɔlɔ̃ medoa eɖokui ɖe dzi o, media eɖokui tɔ o, eye mefiaa amemabumabu hã o. Lɔlɔ̃ mebiaa dzi o, meléa ehavi ɖe dɔ me o, eye medea dzesi nu vɔ̃ siwo amewo wɔ ɖe eŋu ɖi o.


Lɔlɔ̃ menaa ta o, ekana ɖe nu dzi ɣe sia ɣi, ekpɔa mɔ ɣe sia ɣi, eye wòdoa vevi nu ɣe sia ɣi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa