Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 10:19 - Agbenya La

19 Esi Hadadezer ƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔ be woɖu Aramtɔwo dzi la wona ta eye wozu David tenɔlawo. Tso ɣe ma ɣi la, Aramtɔwo vɔ̃na be yewoagakpe ɖe Amonitɔwo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Esi fia, siwo katã nye Hadadezer teviwo, kpɔ bena, Israel-viwo si wo la, wowɔ ŋutifafa kple Israel, eye wosubɔ wo, eye Aramtɔwo de asi vovɔ̃ me azɔ na kpekpe ɖe Amon-viwo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 10:19
12 Mawu Ofanana  

Eɖu Zoba fia Hadadezer, Rehob ƒe vi dzi le esime wòva be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat tɔsisi la to.


David da asrafo aɖewo ɖe Damasko si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòayi.


Azɔ la, Aram Fia Ben Hadad ƒo eƒe aʋakɔwo katã nu ƒu eye fia blaetɔ̃-vɔ-eve kple woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo kplɔe ɖo. Eyi ɖaɖe to ɖe Samaria eye wòwɔ aʋa kplii.


Esi Hadadezer ƒe amewo kpɔ be Israel si yewo la, wowɔ ŋutifafa kple David eye wozu etenɔlawo. Tso esia dzi la, Aramtɔwo megakpe ɖe Amonviwo ŋu le woƒe aʋawɔwɔ me kpɔ o.


O! Yehowa, wò abɔ de dzi bobobo, gake womekpɔe o. Na woakpɔ ale si nètsɔ dzo ɖe wò amewo ŋuti ne ŋu nakpe wo; na be dzo si nèdzra ɖo ɖi na wò futɔwo la nava fia wo.


O fia, wòe nye fiawo dzi fia la. Mawu si le dziƒo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽ kpakple bubu,


Esi wotrɔ gbɔna la, Yosua xɔ Hazor du, si nye fiadu na dukɔ ƒoƒu mawo katã, eye wòwu eƒe fia.


Eƒe fuwɔame ado ŋɔdzi na wo ale gbegbe be woanɔ adzɔge ke anɔ avi fam kple ɣli be, “ ‘Baba! O du gã, baba na wò. O Babilonia, du si ŋu ŋusẽ le! Le gaƒoƒo ɖeka me, wò tsɔtsrɔ̃ va ɖo!’


Fia Adoni Bezek gblɔ be, “Mewɔ fia blaadre ƒe asiwo kple afɔwo nenema tututu eye mena wofɔa nu wuwlui siwo ge tso nye kplɔ̃ dzi la ɖuna. Azɔ la, Mawu ɖo nye nu vɔ̃ teƒe nam.” Wokplɔe yi Yerusalem eye wòku le afi ma.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa