8 “Ebiam be, ‘Ame ka nènye?’ “Meɖo eŋu be ‘Amalekitɔe menye.’
8 Eye wòbiam bena: Ameka nenye? Meɖo ŋu nɛ bena: Amalekitɔ menye.
Wotrɔ azɔ yi En Misfat (afi si woyɔna egbegbe be Kades la), eye woɖu Amalekitɔwo kple Amoritɔwo, ame siwo nɔ Hazazon Tamar la dzi.
David bia ɖekakpui si gblɔ nya la nɛ be, “Afi ka nètso?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Amalekitɔ aɖe si nye amedzro la ƒe viŋutsue menye.”
Esime wònye kɔ la, ekpɔm yɔm eye mebiae be, ‘Nu ka mawɔ na wò?’
“Tete wògblɔ nam be, ‘Va, tsi tsitre ɖe gbɔnye eye nàwum! Meɖo kudo nu gake agbe gale menye ko.’
Balaam kpɔ Amalektɔwo ƒe aƒewo dzi ɖa, eye wògblɔ nya ɖi be, “Amalek nye gbãtɔ le dukɔwo dome tsã Ke tsɔtsrɔ̃ koe le ŋgɔ nɛ fifia!”
Eya ta yi nàtsrɔ̃ Amalek dukɔ blibo la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, vidzĩwo, ɖeviwo, nyiwo, alẽwo, kposɔwo kple tedziwo!’ ”
Wonɔa Gesuritɔwo, Girzitɔwo kple Amalekitɔwo, ame siwo nɔ Sur gbɔ le Egipte mɔ dzi tso gbe aɖe gbe ke la ham.
Le ŋkeke etɔ̃ megbe esi David kple eƒe amewo ɖo wo nɔƒe le Ziklag du la me la, wokpɔ be Amalekitɔwo va ha du la, tɔ dzoe wòbi keŋkeŋkeŋ
David biae be. “Ame kae nènye eye afi ka nètso?” Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Egiptetɔe menye heganye Amalekitɔ aɖe ƒe subɔla. Nye aƒetɔ gblẽm ɖi egbee nye ŋkeke etɔ̃lia eye nye lãme gblẽ.
David kple eƒe amewo dze wo dzi eye wowu wo katã le zã ma me kple ŋufɔke. Wowu ame sia ame negbe ɖekakpui alafa ene siwo do kposɔwo la koe te ŋu si.