27 “Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale! Eye woƒe aʋawɔnuwo katã hã tsrɔ̃ ale!”
27 Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa, eye aʋawɔlawo tɔ aka ale!
“Oo, Israel, wò ŋutikɔkɔe Nye ekema wowu ɖe wò towo dzi. Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale!
“Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale! Eye wowu Yonatan le wò toawo dzi.
Esime Elisa nɔ kudɔ ƒom la, Yehoas, Israel fia, yi ɖakpɔe ɖa eye wòfa avi le egbɔ hegblɔ be, “Fofonye! Fofonye! Wòe nye Israel ƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo!”
Elisa kpɔe eye wòdo ɣli sesĩe be, “Fofonye! Fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo!” Esi wobu ɖee la, etsɔ eya ŋutɔ ƒe awu eye wòdzee.
Ena aʋawɔwɔ nu tso va se ɖe keke anyigba ƒe mlɔenu ke; eŋe da, eye wòfli akplɔ, hetɔ dzo akpoxɔnuwo.
Wotso anyigba didiwo dzi va, tso keke dziƒowo ƒe mlɔewo nu ke. Wova kple Yehowa kple eƒe dɔmedzoe ƒe aʋawɔnuwo be woagbã dukɔ la katã.