Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 1:23 - Agbenya La

23 Saul kple Yonatan, le agbe me la, wolɔ̃ wo eye wovea ame nu. Le ku me hã wo me mema o. Woɖi du wu hɔ̃wo, eye wosẽ wu dzatawo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Saul kple Yonatan, amesiwo wolɔ̃na le woƒe agbe me, eye tsi metoa wo dome o, wo dome memã le ku me hã o; woɖe abla wu hɔ̃, eye wosesẽ wu dzata.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 1:23
14 Mawu Ofanana  

“O Israel vinyɔnuwo, mifa avi na Saul ame si ta aɖabɛvɔ na mi eye wòtsɔ nu nyuiwo na mi ame si ɖo atsyɔ̃ na miaƒe awuwo kple sikanuwo.


Yoab nɔviŋutsuwo, Abisai kple Asahel hã nɔ aʋawɔlawo dome. Asahel ƒua du abe zi ene


Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza.


Aʋawɔla kalẽtɔ aɖewo siwo tso Gad ƒe viwo dome hã yi David gbɔ le gbedzi. Wowɔa akpoxɔnu kple akplɔ siaa ŋu dɔ nyuie. Woƒe mo le abe dzata tɔ ene eye woɖea abla abe zi ene le towo dzi.


Wozɔ mii va yi abe aƒlaʋuwo ene eye abe hɔ̃woe de agba anyi be yewoaƒo nu le anyigba ene.


dzata si nye gã le lã wɔadãwo dome eye medoa megbefɔ le naneke gbɔ o;


Vivi le eƒe nu me gɔ̃ hã, eye eya amea dzeani ŋutɔ. O Yerusalem vinyɔnuwo, esiae nye nye lɔlɔ̃tɔ, esiae nye xɔ̃nye.”


Kpɔ ɖa! Egbɔna abe lilikpowo ene, eƒe tasiaɖamwo le du dzi abe ahomya ene eye eƒe sɔwo ɖea abla wu hɔ̃wo. Baba na mí! Míetsrɔ̃ vɔ!


Ame siwo le mía yome tim la ɖia du wu hɔ̃ le yame; woti mía yome le towo dzi eye wode xa ɖi na mí le gbegbe.


“Yehowa akplɔ dukɔ aɖe si ƒe gbe mèse o la tso didiƒe ke, wòava dze dziwò abe ale si hɔ̃ dzea eƒe nuɖuɖu dzi ene.


Ale hafi ɣe naɖo to le ŋkeke adrea gbe la, ɖekapuiawo ɖe adzo la gɔme na Samson be, “Nu kae vivina wu anyitsi eye nu kae sesẽ wu dzata?” Samson gblɔ na wo be, “Ne menye nye ŋutɔ nye nyivie mietsɔ ŋlɔ agblea o la, anye ne miete ŋu nya nye adzo la ƒe gɔmeɖeɖe o.”


Esi Fia Saul wu eƒe nuƒoƒo kple David nu la, Yonatan kpɔ David eye eƒe nu nyo eŋu ale gbegbe be wòlɔ̃e abe eya ŋutɔ nɔvia ene.


Yonatan ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, mèle kuku ge o. Kpɔ ɖa, fofonye mewɔa naneke, sue alo gã ne megblɔe nam o. Nu ka ŋutie wòaɣla nu sia ya ɖem? Mele ame o!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa