Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 9:6 - Agbenya La

6 Eye Yehowa na wòva eme. Esi ŋu ke ŋdi la, Egiptetɔwo ƒe lãwo katã de asi kuku me, ke Israelviwo tɔwo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã meku o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Esi ŋu ke la, Yehowa na wòva me. Eye Egipte-tɔwo ƒe lãwo katã ku; ke Israel-viwo ƒe lãwo dome ɖeka hã meku o.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 9:6
10 Mawu Ofanana  

Etsɔ woƒe nyihawo na kpetsi, eye wòtsɔ woƒe lãhawo na dzikedzo.


Eɖe mɔ ɖi na eƒe dɔmedzoe; meɖe woƒe agbe tso ku me o, ke boŋ etsɔ wo de asi na dɔvɔ̃.


“Elabena mato Egiptenyigba la dzi le zã sia me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, amewo kple lãwo tɔwo siaa. Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte mawuwo katã, elabena nyee nye Yehowa.


Le zã ma me, le zãtitina tututu la, Yehowa wu ŋutsuvi gbãtɔwo le Egiptenyigba la dzi, tso Farao ƒe viŋutsuvi gbãtɔ si le eƒe zi dzi la dzi va se ɖe gaxɔmenɔla ƒe viŋutsuvi gbãtɔ dzi. Ewu lãwo ƒe vi siwo nye atsu la ƒe gbãtɔwo hã.


“ ‘Gake gbe ma gbe la, mana nuwo nato vovo le Gosenyigba dzi, afi si nye amewo le. Togbatowo ƒe ha manɔ afi ma ya o. Ale nànyae be nye Yehowa mele anyigba sia dzi,


Nu geɖewo gblẽ le Egipte. Nu sia nu si tsi gbedzi, amewo kple lãwo siaa woku; atiwo ta ŋe, eye agblemenuwo katã gblẽ.


Teƒe ɖeka pɛ si ko dzi kpetsi la medza ɖo o, le Egiptenyigba blibo la dzie nye Gosen, afi si Israelviwo nɔ.


Gake Yehowa ade vovo Israelviwo kple Egiptetɔwo ƒe lãhawo dome, ale be Israelviwo ƒe lã aɖeke maku o.’ ”


Yehowa ɖo ɣeyiɣi, eye wògblɔ be, “Etsɔ si gbɔna la, Yehowa awɔ nu sia le anyigba sia dzi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa