Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 8:4 - Agbenya La

4 Akpɔkplɔawo ata le wò ŋutɔ, wò amewo kple ŋuwòmewo katã dzi.’ ”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Tete Farao yɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ be: Miɖe kuku na Yehowa, bena woana mia kple nye dukɔ la miakpɔ gbɔdzɔe tso akpɔkplɔawo si me, ekema maɖe asi le dukɔ la ŋuti, bena woaɖasa vɔ na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 8:4
13 Mawu Ofanana  

Tete fia la gblɔ na Mawu ƒe ame la be, “Ɖe kuku ɖe tanye le Yehowa, wò Mawu la gbɔ eye nàdo gbe ɖa ɖe tanye be nye asi naɖɔ ɖo.” Ale Mawu ƒe ame la ɖe kuku na Yehowa ɖe eta eye fia la ƒe asi ɖɔ ɖo, ganɔ abe tsã ene.


eye eya ame si trɔa vlododo kɔna ɖe ame ŋkutawo dzi la, wɔe be wole tsaglãla tsam le gbegbe afi si mɔtoƒe aɖeke mele o.


Migatsɔ nye nu vɔ̃ kem zi mamlɛtɔ sia ko, eye miaɖe kuku na Yehowa, miaƒe Mawu la be wòaɖe fukpekpe vɔ̃ɖi sia ɖa le dzinye.”


Yehowa wɔ abe ale si wògblɔ ene. Togbatowo ƒe ha gã aɖe nye zi ge ɖe Farao ƒe fiasã la me kple eƒe dumegãwo ƒe aƒewo me, eye togbatoawo gblẽ nu le Egiptenyigba blibo la dzi.


Akpɔkplɔwo asɔ gbɔ ɖe Nil tɔsisi la me. Woava ge ɖe wò fiasã la me, age ɖe wò xɔdɔme me, woage ɖe wò abati dzi, woage ɖe wò dumegãwo ƒe aƒewo me, eye woage ɖe abolokpowo kple amɔzewo me.


Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be wòado eƒe atikplɔ ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple tawo katã dzi le Egipte.”


Miɖe kuku na Yehowa be, wòatsi dziɖegbe kple kpetsi dziŋɔ sia nu, ekema mana miadzo enumake.”


Zoan ƒe dumegãwo azu bometsilawo. Farao ƒe aɖaŋuɖola nyanuwo ɖo aɖaŋu manyatalenuwo. Aleke nàte ŋu agblɔ na Farao be, “Menye nunyalawo dometɔ ɖeka, menye blemafiawo ƒe nusrɔ̃la?”


Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ aƒu Egiptetɔwo; aƒo wo, eye wòagayɔ dɔ wo. Woatrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye wòase woƒe kukuɖeɖe ahayɔ dɔ wo.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae ɖo esia be yeaɖi gbɔ̃ atsyɔ̃ɖoɖowo katã ƒe dada, eye yeabɔbɔ ame xɔŋkɔwo katã ɖe anyi le anyigba dzi.


Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.


Ameawo va Mose gbɔ hedo ɣli be, “Míewɔ nu vɔ̃, elabena míeƒo nu tsi tsitre ɖe wò kple Yehowa ŋu. Ɖe kuku na Yehowa na mí be wòaɖe dawo ɖa.” Ale Mose do gbe ɖa ɖe ameawo ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa