Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 8:21 - Agbenya La

21 Ne ègbe la, maɖo togbatowo ƒe ha gã aɖe ɖa woava Egiptenyigba blibo la dzi, axɔ wò kple wò dumegãwo kple wò amewo ƒe aƒewo me. Ale Egiptetɔwo ƒe aƒewo me ayɔ fũu kple togbatowo, eye woayɔ anyigba la ƒe afi sia afi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye Farao yɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ na wo be: Enyo, miɖasa vɔ na mia Mawu la le anyigba sia dzi!

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 8:21
7 Mawu Ofanana  

Eƒo nu, eye tagbatsutsu kple togbato ƒe ha gã aɖe va xɔ woƒe dukɔ la katã me.


Eɖo togbato ƒe ha gã aɖe ɖe wo dome, woɖu wo kple akpɔkplɔwo wogblẽ woƒe nuwo.


Woayɔ wò aƒewo me, wò dumegãwo ƒe aƒewo me kple Egiptetɔwo katã ƒe aƒewo me, nu si mia fofowo loo alo mia tɔgbuiwo mekpɔ kpɔ, tso gbe si gbe wova anyigba sia dzi va se ɖe fifia o.’ ” Ale Mose trɔ dzo le Farao ŋkume.


Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ etsɔ ŋdi kanya, nàdo go Farao esime wòyina tsi le ge le tɔsisi la me. Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm.


“ ‘Gake gbe ma gbe la, mana nuwo nato vovo le Gosenyigba dzi, afi si nye amewo le. Togbatowo ƒe ha manɔ afi ma ya o. Ale nànyae be nye Yehowa mele anyigba sia dzi,


Yehowa wɔ abe ale si wògblɔ ene. Togbatowo ƒe ha gã aɖe nye zi ge ɖe Farao ƒe fiasã la me kple eƒe dumegãwo ƒe aƒewo me, eye togbatoawo gblẽ nu le Egiptenyigba blibo la dzi.


Gbe ma gbe la, Yehowa alia aku ayɔ nudzodzoewo tso Egipte tɔʋuwo ƒe mlɔewo nu ke kple anyiwo tso Asirianyigba dzi


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa