Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 7:5 - Agbenya La

5 Ekema Egiptetɔwo adze sii be le nyateƒe me la, nyee nye Yehowa, ne meɖe nye ŋusẽ fia Egiptetɔwo, eye mekplɔ Israelviwo dzoe le wo dome.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ekema Egiptetɔwo adze sii bena, nyee nye Yehowa, ne medo nye asi ɖe Egipte dzi, eye mekplɔ Israel-viwo dzoe le wo dome.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 7:5
20 Mawu Ofanana  

Togbɔ be mele zɔzɔm le xaxa me hã la, èkpɔ nye agbe ta, eye nèkɔ wò asi dzi do ɖe nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu, hetsɔ wò nuɖusi xɔ nam.


Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me; ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo atsɔ wo ade mɔ me. Ŋugbledede. Sela


Esiawo anye ŋutinya siwo nàgblɔ na viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo tso nukunu siwo mele wɔwɔm le Egipte la ŋu! Miƒo nu na wo tso ale si mewɔ Egiptetɔwo wozu abunɛtɔwo kple ale si meɖee fia mi bena nyee nye Yehowa la ŋuti.”


Farao ƒe aɖaŋudelawo va Farao gbɔ azɔ, eye wobiae be, “Ɖe nèdi be yeatsrɔ̃ mí gbidigbidia? Ɖe mènya be fifia gɔ̃ hã la, nu sia nu gblẽ le Egipte oa? Ɖe asi le ameawo ŋu woayi aɖasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la.”


Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa, ne mekɔ nye ŋkɔ ŋuti to Farao, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe sɔdolawo dzi.”


Magana Farao nagasẽ dzi me, eye wòati mia yome. Mewɔ ɖoɖo sia ale be makpɔ bubu kple ŋutikɔkɔe gã ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ dzi. Ale Egiptetɔwo anya be nyee nye Yehowa.” Ale woƒu asaɖa anyi ɖe afi si Mose fia wo la.


Mose gblɔ nu siwo katã dzɔ kple nu siwo Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo, ale be yeate ŋu aɖe Israelviwo, nukpekeame siwo nɔ mɔ me na Israelviwo kple ale si Yehowa ɖe wo tso wo katã me la na toa.


Eya ta mado nye asi ɖa ɖe Egipte ŋu, atsrɔ̃ wo kple nye nukunu siwo mawɔ le wo dome, ekema ana miayi.


Yehowa gblɔ na Mose be, “Azɔ la, àkpɔ nu si mawɔ Farao. Le nye alɔ sesẽ la ta, anya wo ado goe, eye le nye asi sesẽ la ta, ado mɔ wo.”


“Eya ta gblɔ na Israel ƒe dzidzimeviwo be, ‘Nyee nye Yehowa, maɖe mi le Egiptetɔwo ƒe kɔkuti te, mana ablɔɖe mi tso kluvinyenye na wo me, eye maɖe mi kple alɔ sesẽ kple nukunu triakɔwo.


Azɔ la, Yehowa gblɔ be, ‘Èle si dze gee be nyee nye Yehowa, elabena megblɔ na Mose be wòatsɔ eƒe atikplɔ la aƒo Nil tɔsisi la ƒe tsi dzi, eye tɔsisi la atrɔ azu ʋu!


Farao ɖo eŋu nɛ be, “Wɔe etsɔ si gbɔna.” Mose yi edzi be, “Enyo, ava eme abe ale si nègblɔ ene, ekema ànya be, ame aɖeke mede Yehowa, mía Mawu la nu o.


Akunyawɔlawo gblɔ na Farao be, “Esia nye Mawu ƒe asinudɔ.” Ke Farao gasẽ dzi me kokoko: meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene.


“ ‘Gake gbe ma gbe la, mana nuwo nato vovo le Gosenyigba dzi, afi si nye amewo le. Togbatowo ƒe ha manɔ afi ma ya o. Ale nànyae be nye Yehowa mele anyigba sia dzi,


Mabia hlɔ̃ wo vevie, eye mahe to na wo le nye dɔmedzoe helĩhelĩ me. Ekema woanya be nyee nye Yehowa, ne mebia hlɔ̃ wo.’ ”


eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Metso ɖe ŋuwò, O! Sidon, eye makpɔ nye ŋutikɔkɔe tso mewò. Woanya be nyee nye Yehowa ne mehe to nɛ, eye mefia ɖokuinye kɔkɔe le eme.


“Ne mena Egipte zu gbegbe, Meɖe nu sia nu si le edzi ɖa, Eye meƒo ame siwo katã le edzi ƒu anyi la, Ekema woanya be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.


Mafia nye ŋkɔ gã la ƒe kɔkɔenyenye si wodo gui le dukɔwo dome, ŋkɔ si miedo gui le wo dome. Ekema dukɔawo anya be nyee nye Yehowa, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, ne mefia ɖokuinye kɔkɔe to mia dzi le woƒe ŋkume.


Tso gbe ma gbe dzi la, Israel ƒe aƒe la anya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.


“ ‘Mana woanya nye ŋkɔ kɔkɔe la le nye amewo, Israelviwo dome. Nyemagana woagado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la o, eye dukɔwo anya be, nye, Yehowae nye Kɔkɔetɔ la le Israel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa