Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 7:20 - Agbenya La

20 Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo be woawɔ. Aron ƒo Nil tɔsisi la kple eƒe atikplɔ la, eye tɔsisi la trɔ zu ʋu le Farao kple eŋumewo katã ŋkume.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye Mose kple Aron wɔ, abe alesi Yehowa de se na wo ene. Eye wotsɔ eƒe atikplɔ ƒo Nil me tsi la dzi le Farao kple eŋuti mewo ƒe ŋku me, tete tsi, siwo katã le Nil me la, trɔ zu ʋu.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 7:20
14 Mawu Ofanana  

Elisa gblɔ na Gehazi be, “Bla wò ali dzi, tsɔ nye atikplɔ ɖe asi eye nàƒu du. Ne èdo go ame aɖe la, mègado gbe nɛ o eye ne ame aɖe do gbe na wò la, mègalɔ̃ o. Tsɔ nye atikplɔ la da ɖe ɖevi la ƒe mo.”


Ena woƒe tsiwo trɔ zu ʋu, eye to esia me woƒe tɔmelãwo ku.


Etrɔ woƒe tɔsisiwo wozu ʋu, eye womete ŋu no woƒe tɔʋumetsi o.


Ne womeɖo to wò le dzesi eve siawo megbe o la, ekema ku tsi tso Nil tɔsisi la me kɔ ɖe anyigba ƒuƒui dzi, eye wòatrɔ azu ʋu.”


Ale Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ nukunu la abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. Aron ɖe asi le eƒe atikplɔ ŋu da ɖe anyigba le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye wòzu da.


Tɔmelãwo katã ku, tsi la ƒaƒã ale be, Egiptetɔwo megate ŋu noe o. Ʋu xɔ Egiptenyigba ƒe akpa sia akpa dzi.


Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo.


O Yehowa, ɖe nèdo dziku ɖe tɔsisiwo ŋua? Ɖe wò dɔmedzoe bi ɖe tɔʋuwo ŋua? Ɖe wò dziku bi ɖe atsiaƒu ŋu esi nèdo wò sɔwo kple wò tasiaɖamwo le wò dziɖuɖu mea?


Mawudɔla evelia ku eƒe kpẽ la, eye wòtsɔ nane si lolo abe to ene, eye wòle bibim la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me. Atsiaƒu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka trɔ zu ʋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa