Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 5:22 - Agbenya La

22 Tete Mose gatrɔ yi Yehowa gbɔ hegblɔ nɛ be, “O, Yehowa, nu ka ta nèhe fukpekpe sia va ame siawo dzii? Esia tae nèdɔm ɖoa?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Tete Mose trɔ ɖe Yehowa; ŋu gblɔ bena: Aƒetɔ! Nukaŋuti nèhe vɔ̃ sia va dukɔ la dzi? Nukata gɔ̃ nedɔm ɖo?

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 5:22
12 Mawu Ofanana  

Eɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ. Wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.”


Eya ɖeka zɔ mɔ ŋkeke blibo la yi gbedzi. Enɔ anyi ɖe ati aɖe te eye wòdo gbe ɖa be Yehowa nana yeaku. Egblɔ na Yehowa be, “Eglom azɔ, ɖe nye agbe ɖa, mele kuku ge gbe ɖeka kokoko; nyemenyo wu tɔgbuinyewo o.”


Ame kae le dziƒo nam, negbe wò ko? Naneke mele anyigba si medi kpe ɖe ŋuwò o.


Mose ɖe kuku na Yehowa be, “Nu ka mawɔ? Wole klalo be yewoaƒu kpem.”


Oo, Yehowa, ne metsɔ nya ɖe ŋutiwò la, wò nya dzɔna ɣe sia ɣi. Gake mahe nya kpli wò tso wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti. Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo ɖo? Nu ka ta dzimaxɔsetɔwo nɔa agbe le dziɖeɖi me?


O Yehowa, èblem eye mexɔ beblenya dzi se; èƒo nya ɖe nunye eye nèɖu dzinye. Ɣe sia ɣi wole alɔme ɖem le ŋunye eye ame sia ame le koyem.


Tete megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, èflu ame siawo kple Yerusalem ŋutɔ esi nègblɔ be, ‘Miakpɔ ŋutifafa.’ Evɔ, woɖo yi míaƒe vewo dzi.”


Elabena azãgbe li na ɖeɖefia la elabena eƒo nu tso nuwuwu si le vava ge la ŋuti eye mada le edzi o; ke ne ehe ɖe megbe hã la, lalae elabena ava eme godoo, mada le edzi o.


Mose gblɔ na Yehowa be, “Nu ka ta mève nu nye eye nètiam be yeadro dukɔ sia tɔgbi ƒe agba ɖe dzinye?


Yosua do ɣli na Yehowa be, “Oo, Yehowa, nu ka ta nèkplɔ mí va tso Yɔdan tɔsisi la be Amoritɔwo nawu mí? Nu ka ta míekpɔ ŋudzedze le nu si nɔ mía si la ŋu o? Nu ka ta míetsi tɔsisi la ƒe akpa kemɛ o?


Nyadzɔdzɔ sia te ɖe David dzi ŋutɔ, vevietɔ esi David ƒe amewo nɔ nu xam le wo viwo ta la, wode asi gbɔgblɔ me be yewoawui. Ke David tsɔ Yehowa eƒe Mawu do ŋusẽ eɖokui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa