Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Mose 5:21 - Agbenya La

21 wogblɔ na Mose kple Aron be, “Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu mi be miena míeɖi nu ʋeʋĩwo le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye be miena mɔnukpɔkpɔ wo be woawu mí.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye wogblɔ na wo bena: Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu mi, eye wòakpɔ me na mi. Elabena miena miede asi ʋeʋẽ me ɖe Farao kple eŋuti mewo, gɔ̃ la miede yi asi na wo, be woatso awu mí.

Onani mutuwo Koperani




2 Mose 5:21
19 Mawu Ofanana  

Le esia ta Sarai gblɔ na Abram be, “Wò vodadae na be nye kosi la doa vlom, togbɔ be nye ŋutɔe tsɔe na wò hã. Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome.”


Meyɔ Abraham kple Nahor kpakple wo fofowo ƒe Mawu la be wòatsrɔ̃ mía dometɔ si mawɔ nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi o la.” Ale Yakob ka atam le fofoa Isak ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la ŋkume be yealé ŋku ɖe liƒo la ŋu.


Yakob gblɔ na Levi kple Simeon be, “Miena medze agɔ le anyigba sia dzi tɔwo katã, Kanaantɔwo kple Perizitɔwo siaa dzi. Míesɔ gbɔ o, eya ta ne woho aʋa ɖe mía ŋu la, woafiti mí, eye woawu mí katã.”


Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, wobia aʋawɔla akpe blaeve Aramtɔwo tso Bet Rehobnyigba kple Zobahnyigba dzi kpe ɖe ame akpe ɖeka tso Maaka fia gbɔ kple ame akpe wuieve (12,000) tso Tobnyigba dzi.


Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, Hanun kple Amonitɔwo tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade be woaɖada aʋatasiaɖamwo kple wo dolawo tso Aram Naharaim, Aram Maaka kple Zoba.


Wotrɔ ɖe Mose gbɔ helĩ liʋĩliʋĩ be, “Ɖe nèkplɔ mí va afi sia be míaku ɖe gbedzi, elabena yɔdowo mele Egipte oa? Nu kae nye esi nèwɔ be nèkplɔ mí do goe tso Egipte?


Israelviwo lĩ liʋĩliʋĩ le Mose ŋu. Wobiae be, “Ɖe míaku le tsikɔwuame taa?”


Le afi sia hã la, dukɔ la katã galĩ liʋĩliʋĩ le Mose kple Aron ŋuti vevie.


Dumegãwo xɔe se be Yehowae ɖo wo ɖa nyateƒe. Esi wose be Yehowa va kpɔ wo ɖa, kpɔ woƒe nublanuitɔnyenye, eye wòɖo ta me be yeaɖe wo la, wode ta agu, eye wosubɔe.


Mose kple Aron wonɔ wo lalam le fiasã la godo esi me wodzo le Farao gbɔ. Esi wodo go wo la,


Mose gblɔ nya siawo na Israelviwo, ke womeɖo toe o, le woƒe dziɖeleameƒo kple ŋutasesẽ kple kluvimenɔnɔ ta.


Nudzodzoe kukuwo ana amiʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ la ƒe atukpa blibo ɖeka gɔ̃ hã naʋẽ kũu! Ɛ̃, vodada sue aɖe ate ŋu agblẽ nunya geɖe kple bubu gã me.


Gbedeasi tso gbemelã siwo le gbegbe la ŋuti. Le anyigba si dzi fukpekpe kple xaxa le, afi si dzatatsu kple dzatanɔ, fli kple da toaʋalawo le la, afi mae ame dɔdɔwo tsɔa woƒe nu xɔasiwo ɖoa tedziwo dzi kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo dzi yina na dukɔ si mele ɖeke me o,


“Maɖe asrafo siwo tso dzigbeme la ɖa le mia gbɔ, matrɔ wo aɖo ɖe kuɖiɖinyigba kple gbegbe. Matsɔ ŋgɔgbenɔlawo ade ɣedzeƒeƒu la me eye matsɔ megbenɔlawo ade ɣetoɖoƒeƒu la me. Ale woƒe ʋeʋẽ kũu la axɔ anyigba la dzi.” Vavã, Yehowa wɔ nukunu triakɔ aɖe.


nenema tututue wòanye nyateƒe, be ame siwo kpɔ nye ŋutikɔkɔe kple nukunu siwo mewɔ le Egipte kple gbedzi siaa, eye wogbe zi ewo be yewomaka ɖe dzinye o, eye yewomaɖo tom hã o la dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã


Nu ka ŋuti Yehowa kplɔ mí va anyigba sia dzi be míatsi yi nu? Mía srɔ̃nyɔnuwo kple mía viwo azu nuhaha. Ɖe manyo wu ne míagbugbɔ ayi Egipte oa?”


Ale Israel dukɔ la se nyadzɔdzɔ la be: Saul tsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe dzɔlawo eye Israel zu nuɖianu na Filistitɔwo. Ale woyɔ Israel ƒe aʋakɔ blibo la ƒo ƒu ɖe Saul ŋu le Gilgal.


Fia Akis xɔ David dzi se eye wòbu be Israelviwo alé fui azɔ. Fia la bu be, “Azɔ la, atsi afi sia eye wòasubɔm tegbetegbe.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa